Mose I 39
39
Yosef kple Potifar srɔ̃
1Esi wokplɔ Yosef yi Egipte la, Egiptetɔ Potifar, si nye Egipte Fiagã ƒe aƒedzikpɔlawo kple eŋumewo ƒe amegã la ƒlee le Ismaeltɔawo si. 2#Dɔw 7.9. Aƒetɔ nɔ kple Yosef, eye nu sia nu dze dzi nɛ. Enɔ eƒe aƒetɔ Egiptetɔ la ƒeme. 3Esi eƒe aƒetɔ la kpɔ be Aƒetɔ li kple Yosef, eye nu sia nu si wòwɔna dzea dzi nɛ la, 4ekpɔ ŋudzedze le eŋu. Potifar wɔe eƒe subɔla kple eƒemenuwo dzikpɔlae, eye wòtsɔ eƒe nunɔamesiwo katã de esi. 5Tso ɣe ma ɣi dzi la, Aƒetɔ yra Egiptetɔ la ƒe aƒe le Yosef ta. Eyra Potifar ƒe nunɔamesiwo katã le aƒeme kple agbleta siaa. 6Potifar tsɔ eƒe nunɔamesiwo katã de Yosef si, eye megatsi dzi le eƒe nunɔamesi aɖeke ŋu o, negbe nu si wòaɖu la ko.
Azɔ Yosef dze ɖeka ŋutɔ, eye wònyakpɔ. 7Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, eƒe aƒetɔ srɔ̃ va nɔ ahiãmoe ɖom ɖee, eye wògblɔ na Yosef be: “Va dɔ kplim.” 8Yosef gbe hegblɔ na eƒe aƒetɔ srɔ̃ la be: “Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ meganya aƒe sia me nu siwo le asinye me la o; etsɔ eƒe nunɔamesiwo katã de asi nam gɔ̃. 9Mete nanekem le aƒe sia me o, negbe wò dzaa ko, esi nènye srɔ̃a ta. Ale ke mawɔ nu vlo sia gbegbe awɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋuti?” 10Togbɔ be nyɔnua nɔ fu ɖem na Yosef kple nya sia gbe sia gbe hã la, Yosef melɔ̃ kpɔ be yeamlɔ egbɔ, ade asi eŋu o. 11Gbe ɖeka Yosef gava aƒea me, eƒe dɔ wɔ ge. Aƒea me tɔ bubu aɖeke meli o. 12Tete nyɔnua lé Yosef ƒe awu, eye wògblɔ nɛ be: “Va mímlɔ anyi!” Ke Yosef gblẽ awua ɖe nyɔnua si me, hesí do go le aƒea me. 13Esi wòkpɔ be Yosef gblẽ eƒe awu ɖe ye si, sí do go la, 14eyɔ aƒea me tɔwo vɛ, eye wògblɔ na wo be: “Mikpɔ ɖa ko. Srɔ̃nye kplɔ Hebri-ŋutsu sia va de mía dome be wòaɖi gbɔ mí. Eva gbɔnye be yeadɔ kplim, ke medo ɣli sesĩe! 15Esi wòkpɔ be mele ɣli dom le avi fam sesĩe la, egblẽ eƒe awu ɖe gbɔnye, eye wòsí do go le aƒea me.” 16Etsɔ awu la da ɖe eɖokui gbɔ va se ɖe esime Yosef ƒe aƒetɔ gbɔ. 17Egblɔ nya mawo ke nɛ be: “Kpɔ ɖa, Hebrivi kluvi ma, si nèkplɔ va mía dome la va gbɔnye be yeaɖi gbɔm. 18Esi medo ɣli ɖe eta la, esí do go le aƒea me gblẽ eƒe awu ɖe gbɔnye!”
19Esi Yosef ƒe aƒetɔ se srɔ̃a ƒe nya be ale kple ale eƒe kluvi wɔ ɖe ye ŋu la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. 20Ale elé Yosef de gaxɔ si me fia ƒe gamenɔlawo nɔna la me. 21#Dɔw 7.9. Ke Aƒetɔ nɔ kple Yosef, eye wòve enu hena be gaxɔdzikpɔla la kpɔ ŋudzedze le eŋu. 22Etsɔ Yosef ɖo gaxɔmenɔlawo katã nu, eye eyae wɔa ɖoɖo ɖe nu sia nu si wowɔna le gaxɔa me la ŋu. 23Gaxɔdzikpɔla la megatsia dzi le nu siwo le Yosef ƒe dzikpɔkpɔ te la ŋu o, elabe Aƒetɔ li kple Yosef, eye wòna nu sia nu si Yosef wɔna la dzea edzi.
Currently Selected:
Mose I 39: EB14
Tya elembo
Kabola
Copy

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.