Mose I 38
38
Yuda kple Tamar
1Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ʋu le nɔviawo gbɔ yi ɖanɔ Adulam-ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Xira, la gbɔ. 2Yuda kpɔ Kanaan-ŋutsu aɖe si woyɔna be Sua la ƒe vinyɔnu, eye wòɖee hedɔ kplii. 3Nyɔnua fɔ fu dzi viŋutsu, eye Yuda na ŋkɔe be Er. 4Eyome egafɔ fu dzi viŋutsu, eye nyɔnua tsɔ ŋkɔ nɛ be Onan. 5Emegbe egadzi viŋutsu bubu, eye nyɔnua na ŋkɔe be Sela. Nyɔnua nɔ Kesib hafi dzi ɖevi sia. 6Yuda ɖe srɔ̃ na eƒe ŋgɔgbevi Er. Nyɔnua ŋkɔe nye Tamar. 7Ke Er, Yuda ƒe ŋgɔgbevi, nye ame vɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume, eya ta Aƒetɔ wui. 8Tete Yuda gblɔ na Onan be: “Ɖe nɔviwò ƒe ahosi la, ne nàdo ƒome ɖi na nɔviwò la.” 9Ke esi Onan nya be ɖeviawo manye ye tɔ o ta la, ne eya kple nɔvia srɔ̃ wole dɔdɔm, eye ŋutsunu gbɔna la, enana be wòkɔna ɖe anyigba, be nyɔnua magafɔ fu adzi vi ado ƒome ɖi na nɔvia o. 10Eƒe nuwɔna la medze Aƒetɔ ŋu kura o, eya ta ewu eya hã. 11Azɔ Yuda gblɔ na toyɔvia Tamar be: “Trɔ yi tɔ́wò ƒeme, eye nànɔ anyi abe ahosi ene va se ɖe esime vinye Sela natsi.” Egblɔ esia elabe evɔ̃ be Sela hã ava ku abe nɔviawo ke ene. Ale Tamar trɔ yi ɖale tɔ́a ƒeme.
12Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, Yuda srɔ̃, si nye Sua vinyɔnu la ku. Esi Yuda fae vɔ la, eya kple xɔlɔ̃a Xira, Adulamtɔ la, woyi ɖe Timnat be yewoaɖakpɔ ame siwo le fu kom na yeƒe alẽwo la ɖa. 13Ame aɖe na nyanya Tamar be: “Kpɔ ɖa, towò gbɔna ɖe Timnat, fu ko ge na eƒe alẽwo.” 14Ale eɖe eƒe ahovɔ ɖi, tsɔ motsyɔnu tsyɔ ŋkume, eye wòbla eɖokui bubui va bɔbɔ nɔ anyi ɖe Enaim-gbo nu, le Timnat-mɔ dzi. Tamar wɔ esia elabe ekpɔ be Sela tsi aɖe ye, gake wometsɔ ye nɛ be wòaɖe o. 15Esi Tamar tsyɔ nu ŋkume ta la, Yuda bu xaa be gbolo aɖe ye. 16Tete wòdze yi egbɔ le mɔa to hegblɔ nɛ be: “Va míyi, maɖamlɔ gbɔwò.” Menya be yeƒe toyɔvi lae o. Nyɔnua biae be: “Nu ka nànam hafi amlɔ gbɔnye?” 17Yuda ɖo eŋu be: “Malé gbɔ̃tsu ɖeka le nye lãha me aɖo ɖe wò.” Nyɔnua gblɔ be: “Enyo, ekema tsɔ wò nane ɖo awɔba nam, va se ɖe esime nàɖoe ɖem.” 18Yuda biae be: “Nu ka matsɔ ɖo awɔba na wò?” Eɖo eŋu be: “Wò ŋkɔsigɛ kple eŋuka kpakple atizɔti si le asiwò la.” Yuda tsɔ wo nɛ, eye wòmlɔ egbɔ, eye nyɔnua fɔ fu nɛ. 19Tamar yi aƒeme, ɖe motsyɔnu la da ɖi, eye wògatsɔ eƒe ahovɔ ta.
20Emegbe Yuda tsɔ gbɔ̃tsu la de xɔlɔ̃a Adulamtɔ la si be netsɔ yi na nyɔnua ne wòaxɔ awɔbanuawo vɛ na ye, gake Xira mekpɔ nyɔnua o. 21Ebia dua me ŋutsuwo be: “Afi ka gbolo si nɔ mɔ to le Enaim le afii la le?” Ke woɖo eŋu be: “Gbolo aɖeke menɔ afi sia o.” 22Tete wòtrɔ yi Yuda gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Nyemekpɔe o. Dua me ŋutsuwo hã be gbolo aɖeke menɔ afi ma o.” 23Yuda ɖo eŋu be: “Nuawo ate ŋu atsi esi faa, ne menye nenem o la, woava ko mí. Kpɔ ɖa, nye ya, meɖo gbɔ̃tsu la ɖee, ke mèkpɔe atsɔe nɛ o.”
24Le ɣleti etɔ̃ lɔƒo megbe la, wova gblɔ na Yuda be: “Toyɔviwò Tamar wɔ ahasi hefɔ fu ɖe eme.” Tete Yuda ɖe gbe be: “Mikplɔe do goe ne miatɔ dzoe!” 25Ke esi wokplɔ Tamar yinae la, edɔ ame ɖe toa gbɔ be: “Ŋutsu si do fum la ƒe nuwoe nye esiawo. Taflatsɛ, lé ŋku ɖe ŋkɔsigɛa, eŋukaa kple atizɔti la ŋu nyuie be ame ka tɔwoe mahã.” 26Tete Yuda kpɔ nuawo, eye wògblɔ be: “Eƒe nya dzɔ wu tɔnye elabe nyee metsɔe na vinye Sela wòɖe o.” Tso ema dzi la, megade asi eŋu kpɔ o.
27Eƒe vidziɣi ɖo, kasia wokpɔ be eve dzi ge wòala. 28Esime wòle ku lém la, ɖeviawo dometɔ ɖeka do asi ɖa. Tete vixela la sa ka dzĩ ɖe asi ŋu nɛ hegblɔ be: “Esiae tre dodo.” 29Gake ɖevi sia he asi yi eme, eye wodzi nɔvia gbã. Vixela la gblɔ na esi wodzi gbã la be: “E! Ale ke nèdze mɔ na ɖokuiwò ale?” Eya ta wòna ŋkɔe be Perez#38.29: PEREZ: Ŋkɔ sia gɔmee nye dze nu alo kaka nu le Hebri-gbe me.. 30Emegbe nɔvia si ŋu ka dzĩ le la hã va do; eya ta wòna ŋkɔe be Serax#38.30: SERAX: Ŋkɔ sia gɔmee nye Agudzedze dzĩ le Hebri-gbe me..
Currently Selected:
Mose I 38: EB14
Tya elembo
Kabola
Copy

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.