Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose I 37

37
Yosef kple nɔvia ŋutsuwo
1Yakob nɔ Kanaan-nyigba si dzi tɔ́a nye amedzro le la dzi. 2Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinyae nye esi: Esi Yosef nye ɖekakpuivi xɔ ƒe wui adrẽ la, eya kple tɔ́via, siwo nye tɔ́a srɔ̃ Bilha kple Silpa viŋutsuwo la nɔa alẽ kplɔm. Yosef nɔ nɔviawo ƒe nya vɔ̃ tom na wo tɔ́a. 3Azɔ la, Israel lɔ̃ Yosef wu via bubuawo katã, elabe enye eƒe tsitsime vi. Etɔ awu ʋlaya abɔ legbe#37.3: ƲLAYA: Gɔmeɖeɖe aɖewo gblɔ be: awu ʋlaya ŋɔŋɔe abɔ legbe. nɛ. 4Esi Yosef nɔviŋutsuawo kpɔ be yewo tɔ́ lɔ̃ Yosef wu yewo dometɔ ɖe sia ɖe la, wolé fui, eye womegaƒoa nu nɛ lɔlɔ̃tɔe azɔ o.
5Gbe ɖeka Yosef ku drɔ̃e aɖe, eye esi wòlĩi na nɔviawo la, wogalé fui wu tsã. 6Egblɔ na wo be: “Mise drɔ̃e si meku la ɖa. 7Kpɔ ɖa, míele lu blam le agble me. Tete nye lu babla tsi tsitre hedzɔ ka. Kasia mia tɔwo va ƒo xlãe hele ta dem agu nɛ.” 8Nɔviawo biae be: “Ɖe nègbɔna fia zu ge aɖu mía dzi nyateƒea?” Ale wogalé fui ɖe edzi wu tsã le eƒe drɔ̃eawo kple nyaawo ta. 9Tete wògaku drɔ̃e bubu, eye wòlĩ eya hã na nɔviawo gblɔ be: “Kpɔ ɖa, megaku drɔ̃e bubu be ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ wode ta agu nam.” 10Yosef lĩ drɔ̃e la na tɔ́a kple nɔviawo. Ke tɔ́a ka mo nɛ gblɔ be: “Drɔ̃e ka ƒomevie nye esia nèku? Ɖe nye kple nɔwò, kpakple nɔviwòwo míava dze klo ade ta agu na wòa?” 11#Dɔw 7.9. Tso esia dzi la, nɔviawo de asi ŋuʋaʋãe me, ke tɔ́a lé nya la ɖe tame.
Wodzra Yosef; wokplɔe yi Egipte
12Gbe ɖeka Yosef nɔviwo yi wo tɔ́ ƒe alẽha kplɔƒe le Sixem. 13Israel gblɔ na Yosef be: “Nɔviwòwo le alẽawo kplɔm le Sixem. Va madɔ wò ɖe wo gbɔ.” Yosef ɖo eŋu be: “Yoo, nyee nye esi.” 14Tɔ́a gblɔ nɛ be: “Yi nàɖakpɔ ɖa be nɔviwòwo kple lãhaawo li nyuie hã, ne nàva gblɔ nam.” Ale tɔ́a dɔe tso Xebron-bali me ɖo ɖe Sixem. Esi wòyi la, 15eɖanɔ tsatsam le gbea dzi nɔ nɔviawo dim, eye ŋutsu aɖe kpɔe. Ŋutsua biae be: “Nu ka dim nèle?” 16Eɖo eŋu be: “Nɔvinyewo dim mele. Meɖe kuku, fia afi si wole lãawo kplɔm le lam.” 17Ŋutsua gblɔ nɛ be: “Wodzo, elabe mese wogblɔ be: ‘Mina míayi Dotan.’ ” Ale Yosef ti nɔviawo yome, eye wòva ke ɖe wo ŋu le Dotan. 18Wokpɔe le adzɔge ɖaa, eye hafi wòava ɖo wo gbɔ la, woɖo nugbe ɖe eŋu be yewoawui. 19Wogblɔ na wo nɔewo be: “Drɔ̃ekula lae nye esi gbɔna! 20Mina míawui atsɔ ƒu gbe ɖe do me. Ɖeko míagblɔ be lã wɔadã aɖe lée. Ekema nu si eƒe drɔ̃eawo ava zu hã míakpɔe.” 21Ke esi Ruben se nyaa la, eɖoe be yeaxɔ nɛ. Ale egblɔ be: “Migana míaɖe eƒe agbe ɖa o!” 22Egagblɔ be: “Migakɔ ʋu ɖi o. Mitsɔe da ɖe do sia me le gbedadaƒo afii boŋ. Migawɔ nu vevi aɖekee o.” Egblɔ esia bene yeate ŋu aɖee tso wo si me atsɔe aɖo ɖe wo tɔ́. 23Esi Yosef va ɖo nɔviawo gbɔ la, wolée, ɖe eƒe awu ʋlaya la le eŋu, eƒe awu ʋlaya si didi, eye abɔ legbee li nɛ la, 24eye wotsɔe da ɖe do aɖe me; ke doa me ɖi gbɔlo, tsi mele eme o. 25Azɔ wobɔbɔ nɔ anyi be yewoaɖu nu, kasia Ismael asitsahawoe nye ekem tso Gilead gbɔna. Wodo agba na woƒe kposɔwo kple aŋe, atikemi kple kotoklobo yina Egipte. 26Tete Yuda gblɔ na nɔviawo be: “Ne míewu míawo ŋutɔ nɔvi le bebeme ko hemia nu ɖe edzi ɖe, viɖe kae le eme na mí? 27Mina míadzrae na Ismael asitsala siawo boŋ. Ame aɖeke megawɔ nu vevii o, elabe mía nɔvi kpamkpam wònye; ʋu ɖeka me mí katã míedzɔ tso.” Nɔviawo lɔ̃ ɖe edzi. 28#Nya 10.13; Dɔw 7.9. Ale esi Midian-sitsala aɖewo va yina la, woɖee le doa me hetsɔe dzra, klosaloga bla eve, na Ismaeltɔwo. Tete asitsalaawo kplɔe yi Egipte.
29Esi Ruben trɔ va doa gbɔ, eye wòkpɔ be Yosef mele eme o la, edze awu le eɖokui ŋu. 30Etrɔ va nɔviawo gbɔ eye wògblɔ be: “Ɖevia megali o! Nu ka wɔ ge mala?” 31Emegbe wowu gbɔ̃tsu tsɔ Yosef ƒe awu la nyrɔ ɖe eƒe ʋu me. 32Wotsɔ awu ʋlaya la ɖo ɖe wo tɔ́, eye wogblɔ be: “Míefɔ awu ʋlaya sia. Lé ŋku ɖe eŋu be viwò tɔe hã.” 33Tɔ́a kpɔ awua dze sii eye wògblɔ be: “Ẽ, vinye ƒe awu ʋlaya ye! Lã wɔadã aɖe lée ɖu! Ɖikeke aɖeke mele eme o; evuvu Yosef keŋkeŋ!” 34Tete Yakob dze awu le eɖokui ŋu, sa akpanya ɖe ali, eye wòfa via ŋkeke geɖe. 35Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo fa akɔ nɛ do kpoe. Egblɔ na wo be: “Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsiẽƒe boŋ.” Ale Yosef tɔ́ fae vevie. 36Ke Midiantɔwo ɖadzra Yosef le Egipte na Potifar, Egipte Fiagã ƒe aƒedzikpɔla kple eŋutimewo ƒe amegã.

Currently Selected:

Mose I 37: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo