Mose I 40
40
Yosef ɖe gaxɔmenɔlawo ƒe drɔ̃ewo gɔme
1Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Egipte-fia ƒe ahakula kple eƒe aboloƒola da vo ɖe woƒe aƒetɔ fia la ŋu. 2Fia la do dɔmedzoe ɖe eŋume eveawo ŋuti, 3eye wòtsɔ wo de gaxɔ me le fiaŋumewo ƒe amegã ƒe aƒeme; Yosef hã le gaxɔ me le afi ma. 4Fiaŋumewo ƒe amegã la tsɔ wo de Yosef si, be wòakpɔ wo dzi. Wonɔ gaxɔa me eteƒe didi. 5Gbe ɖeka ƒe zã me la, ahakula la kple aboloƒola la ku drɔ̃e wotɔxɛwotɔxɛe, eye ɖe sia ɖe tɔ ƒe gɔmeɖeɖe to vovo. 6Esi Yosef va wo gbɔ le ŋdi me la, ekpɔ be woli kpoo, nɔ nu xam. 7Ebia wo be: “Ale ke wɔ egbe mielé blanui li kpoo ale?” 8Woɖo eŋu nɛ be: “Míeku drɔ̃e, gake ame meli aɖe egɔme na mí o.” Tete Yosef gblɔ be: “Menye Mawue naa drɔ̃e gɔmeɖeɖe oa? Milĩi nam.”
9Ale ahakulawo ƒe amegã lĩ eƒe drɔ̃e na Yosef be: “Le nye drɔ̃ea me la, mekpɔ wainka aɖe le ŋkunye me, 10alɔ etɔ̃ le eŋu. Kaka aŋgbawo nado ko la, eƒo se, eye wòtse heɖi. 11Fia ƒe kplu la nɔ asinye. Ale megbe kutsetseawo, fiãe ɖe kplu la me, hetsɔe de fia si.” 12Tete Yosef gblɔ nɛ be: “Drɔ̃e la gɔmee nye esi. Alɔ etɔ̃awo nye ŋkeke etɔ̃. 13Etsɔ manɔmee la, fia la ana nàdo le gaxɔa me, eye wòagatsɔ wò aɖo wò dɔ nu, nàgaku aha nɛ abe tsã ene. 14Ke ne eme va nyo na wò la, nàɖo ŋku dzinye. Meɖe kuku, ve nunye nàɖo ŋku dzinye na Egipte Fiagã la be wòaɖem le afi sia. 15Le nyateƒe me la, ɖe wofim dzoe le Hebritɔwo ƒe anyigba dzi, eye le afii gɔ̃ hã la, nyemewɔ naneke hafi wolém de gaxɔ me o.” 16Esi aboloƒolawo ƒe amegã kpɔ be drɔ̃e la gɔme nyo la, egblɔ na Yosef be: “Nye hã meku drɔ̃e: metsɔ abolo kusi etɔ̃ ɖe ta. 17Egipte Fiagã la ƒe abolo mème vovovowo le kusi edzitɔ me, ke xeviwo va nɔ wo ɖum le kusia me le tanye.” 18Yosef ɖo eŋu nɛ be: “Wò drɔ̃e la gɔmee nye esi. Kusi etɔ̃awo nye ŋkeke etɔ̃. 19Etsɔ manɔmee la, fia ana woatso ta le nuwò, ahe wò kukua ɖe ati ŋu, eye xeviwo ava ɖu wò ŋutilã.”
20Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, fia la ɖu eƒe dzigbe. Ekpe eƒe dɔwɔlawo katã va nuɖuƒe, eye wòna woɖe ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã le gaxɔa me. Wokplɔ wo va eya kple eƒe dɔwɔlawo gbɔe. 21Egatsɔ ahakulawo ƒe amegã la ɖo eƒe dɔ nu wògakua aha nɛ, 22ke ena wode ka ve na aboloƒolawo ƒe amegã ya, abe ale si Yosef ɖe drɔ̃eawo gɔme na wo la ene. 23Azɔ ahakulawo ƒe amegã la meɖo ŋku Yosef dzi o; eŋlɔe be.
Currently Selected:
Mose I 40: EB14
Tya elembo
Kabola
Copy

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.