Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, eƒe aƒetɔ srɔ̃ va nɔ ahiãmoe ɖom ɖee, eye wògblɔ na Yosef be: “Va dɔ kplim.” Yosef gbe hegblɔ na eƒe aƒetɔ srɔ̃ la be: “Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ meganya aƒe sia me nu siwo le asinye me la o; etsɔ eƒe nunɔamesiwo katã de asi nam gɔ̃. Mete nanekem le aƒe sia me o, negbe wò dzaa ko, esi nènye srɔ̃a ta. Ale ke mawɔ nu vlo sia gbegbe awɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋuti?”