Mose II 27
27
Vɔsamlekpui la
(Mos II, 38.1-7)
1Tsɔ xe kpa vɔsamlekpui. Eƒe didime nanye meta eve kple afã eye eƒe kekeme hã nenema ke; ke eƒe kɔkɔme ya nanye meta ɖeka kple afã. 2Wɔ dzowo ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi; dzoawo nawɔ ɖeka kplii, eye nàfa akɔbli ɖe eŋu. 3Tsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋu nuwo katã: ganu siwo me lãmidzowɔawo anɔ, sofiwo, ametagbɛwo, gaflowo kple dzoɖesonuwo. 4Tsɔ akɔbli wɔ adzrala ɖeka, eye natu akɔblisigɛ ɖeka ɖe eƒe dzogoe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe me. 5Klã adzralaa ɖe vɔsamlekpuia ŋu kpe ɖo tso ete, ale be adzrala ƒe kɔkɔme nase vɔsamlekpuia titina. 6Eyome nàtsɔ xeti kpa kpowo na vɔsamlekpuia ƒe axa eveawo eye nàfa akɔbli ɖe wo ŋu. 7Kpo siawoe woatra ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpuia ƒe axa eveawo dzi atsɔ kɔe. 8Tsɔ ʋuƒowo wɔ vɔsamlekpui lae, eye nàna do nanɔ eme. Wɔe abe ale si wofia wò le toa dzi la ene.
Kpɔ si me agbadɔa anɔ
(Mos II, 38.9-20)
9“Tɔ kpɔ ɖe agbadɔa ƒe xɔxɔnua ŋu. Tsɔ atitsroka si wotro la lɔ̃ avɔwo tsɔ tɔ kpɔ lae. Le anyigbemekpa dzi la, avɔawo nadidi meta bla ene vɔ ene. 10Tu kpɔti bla eve tsɔ lé wo ɖe tsitrenu. Tsɔ akɔbli wɔ kpɔtiawoe, eye nàtsɔ akɔbli ke awɔ afɔ zekpe ɖe ɖe sia ɖe gɔme be wòate ŋu alí ɖe tsitrenu. Ke nàtsɔ klosalo awɔ kpɔtiawo ŋu gaviwo kple helétiwoe. 11Nenema ke dzigbemekpa hã ƒe avɔ nadidi meta bla ene vɔ ene, eye kpɔti bla eve siwo gɔme akɔblifɔ bla eve le nakpe ɖe eŋu. Kpɔtiawo ŋu gatagbadzɛwo kple helétiawo nanye klosalo. 12Le ɣetoɖoƒekpa dzi la, avɔ si nàtsɔ tɔ kpɔa nadidi meta bla eve vɔ eve. Nàtsɔ akɔblikpɔti ewo alée ɖe te. Gɔme zekpe nanɔ ɖe sia ɖe si. 13Le ɣedzeƒe gome la, ele be xɔxɔnua nakeke meta bla eve vɔ eve. 14Avɔ si didi meta adrẽ kple afã nanɔ kekeme sia ƒe akpa ɖeka, eye kpɔti etɔ̃ siwo gɔme afɔ etɔ̃ le la nakpe ɖe eŋu. 15Nenema ke avɔ si didi meta adrẽ kple afã eye kpɔti etɔ̃ siwo gɔme afɔ etɔ̃ le la nakpe ɖe eŋu, anɔ akpa evelia hã. 16Tsi mɔnuvɔ ɖe agboa ŋutɔ nu hã. Mɔnuvɔ sia nadidi meta asieke. Tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzẽtɔ, ka dzẽ kple atitsroka si wotro la lɔ̃e, eye nàtsɔ abui ata nuwo ɖe eto. Tsɔ akɔblikpɔti ene siwo te afɔ zekpe le la lée ɖe enɔƒe. 17Tsɔ klosalo wɔ kpɔti siwo katã le kpɔa me la ƒe helétiwo kple wo ŋu gatagbadzɛwoe. Ke woƒe afɔ zekpeawo nanye akɔbli. 18Kpɔa ƒe didime nanye meta bla ene vɔ ene, kekeme nanye meta bla eve vɔ eve, eye eƒe kɔkɔme nanye meta eve kple afã. Woatsɔ ɖeti ɣi dada alɔ̃ avɔ atsɔ atɔe. Kpɔtiawo ƒe afɔwo nanye akɔbli. 19Nu siwo katã ŋudɔ woawɔ le agbadɔa me hã nanye akɔblinuwo. Agbadɔ la ŋu tsyotiwo kple kpɔa ŋu tɔwo katã hã nanye akɔbli.
Beléle na akaɖi la
(Mos III, 24.1-4)
20Ɖo na Israelviwo be woanɔ ami nyuitɔ tsɔm vɛ na wò hena akaɖia me dede, ale be akaɖiawo nanɔ xɔxɔm edziedzi. 21Aron kple via ŋutsuwo nanɔ edzi kpɔm. Woakpɔ egbɔ be wòanɔ bibim gbe sia gbe, tso fiẽ va se ɖe ŋdi le Aƒetɔ ŋkume, le xɔmetsovɔ si godo nubablaɖaka la le la ŋgɔ. Ele na Israelviwo be woawɔ ɖe ɖoɖo sia dzi tegbee tso dzidzime yi dzidzime.
Currently Selected:
Mose II 27: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.