Mose II 28
28
Nunɔlawo ƒe awuwo
(Mos II, 39.1-7)
1“Azɔ ɖe nɔviwò ŋutsu Aron kple via ŋutsuwo, Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar, le Israelviwo dome te ɖe ɖokuiwò ŋu ne woazu nunɔlawo asubɔm. 2Na woatɔ nunɔlawuwo na nɔviwò Aron. Ele be woanye awu siwo nyakpɔ eye woade bubu eŋu. 3Yɔ ame siwo katã ŋu ŋutete le, ame siwo mede aɖaŋu tagbɔ na la ƒo ƒu ne woatɔ Aron ƒe awuawo be woaɖo eyama nunɔla nam. 4Awu vovovo siwo woatɔ la woe nye: akɔtaɖonu, kɔmewu, dziwui, awutewui ʋlaya, tablanu kple alidziblanu. Woatɔ nunɔlawu siawo na nɔviwò Aron kple via ŋutsuawo, be woazu nunɔlawo asubɔm.
5“Awuawo tɔlawo natsɔ lãfuka blɔtɔ, hẽtɔ kple dzẽtɔ, sikaka kple awuvɔ biɖibiɖi atɔ woe.
6“Aɖaŋuvɔlɔ̃lawo natsɔ aɖabɛ blɔtɔ, hẽtɔ kple dzẽtɔ sikaka kple avɔ biɖibiɖi alɔ̃ kɔmewu eye woado atsiã ɖe eto kple sikaka. 7Abɔtaka eve nanɔ eŋu, esiwo woasa be awua nakpe. 8Woatsɔ avɔ ma ke si wotsɔ sikaka, aɖabɛ blɔtɔ kple dzẽtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple atitsroka totro lɔ̃ la ƒomevi awɔ akɔtagbanu ɖe kɔmewua ŋu. 9Emegbe tsɔ sohamkpe eve nàɖe Israel viŋutsuwo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi. 10Nàɖe ŋkɔ ade ɖe ɖeka dzi, ade ɖe evelia hã dzi. Ŋkɔwo nava ɖe ale si wodzɔ ɖe wo nɔewo yomee la nu. 11Na kpekpala nakpa kpeawo, ŋkɔɖelawo naɖe ŋkɔawo ɖe wo dzi, eye woawɔ sika ɖe ŋkɔa wo ŋu akpe ɖo. 12Azɔ nàlé kpe eveawo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israel viŋutsuawo dzi. Ekema woƒe ŋkɔawo anɔ Aron ƒe abɔta eveawo nenema le Aƒetɔ ŋkume, abe dzesi ene hena ŋkuɖoɖo wo dzi. 13Nàtsɔ sikaka aƒo gboe. 14Nàtsɔ ka si wogbe kple sika nyuitɔ la awɔ kɔsɔkɔsɔ eve, eye nàtɔ kɔsɔkɔsɔawo ɖe gboawo ŋu.
Akɔtaɖonu la
(Mos II, 39.8-21)
15“Wɔ akɔtaɖonu si anye nyametsonu. Wɔ nyametsotso akɔtaɖonu sia kple aɖaŋu si nètsɔ wɔ kɔmewu lae. Wɔ atsiã ɖe eya hã to abe ale si nèwɔe ɖe kɔmewua to ene. 16Nàwɔe ɖe dzogoe ene me, eye nàŋe eme ɖe eve. Eƒe didime kple kekeme nasɔ; ɖe sia ɖe nanye sentimeta bla eve vɔ eve. 17Nàɖo kpe xɔasiwo ɖe eŋu ɖe agbaka ene me. Agbaka gbãtɔ nanye karneol, topas kple smaragd; 18agbaka evelia nanye rubin, safir kple oniks; 19agbaka etɔ̃lia nanye ligurio, axat kple ametist, 20eye agbaka enelia nanye krisolit, soham kple yaspis. Woatsɔ sika aƒo fefeka ɖe wo ŋu godoo akpe ɖo. 21Kpeawo nanɔ wui eve ɖe Israel viŋutsuawo nu. Ŋkɔɖelawo naɖe woƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi, kpe ɖeka ŋkɔ ɖeka, be woanye Israel-to wui eveawo ƒe dzesi. 22Tsɔ ka si wogbe kple sika nyuitɔ la wɔ kɔsɔkɔsɔwo ɖe akɔtaɖonu la ŋu. 23Azɔ nàtu sikasigɛ eve na akɔtaɖonu la, eye nàtɔ asigɛ eveawo ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve dzi, 24eye nàde sikakɔsɔkɔsɔ eveawo asigɛawo me le akɔtaɖonu la ƒe dzogoeawo dzi. 25Eyome nàde kɔsɔkɔsɔ eveawo ƒe nu eveawo gbo eveawo ŋu, eye nàtɔ gboawo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo le ŋgɔ. 26Azɔ nàtu sikasigɛ eve, eye natɔ wo ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve mamlɛawo dzi le eme gome, be woadze akɔgbanu la dzi. 27Emegbe nàgatu sikasigɛ eve, eye nàtɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo to le ŋgɔ, afi si woɖe kɔme nɛ ɖo, le akɔgbanu la ƒe dziƒo gome. 28Woagbe aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka asa ɖe asigɛ siwo le akɔtaɖonu la ŋuti la ŋu ahade asigɛ siwo le kɔmewua ŋuti la me, ale be akɔtaɖonu la manɔ ʋaʋãm o, eye wòanɔ akɔgbanu la dzi.
29Ale ne Aron yi kɔkɔeƒea la, Israel viŋutsuawo ŋkɔwo nanɔ eƒe dzi dzi le akɔtaɖonu si nye nyametsonu la dzi hena ŋkuɖoɖodzi le Aƒetɔ ŋkume tegbee. 30#Mos IV, 27.21; Mos V, 33.8; Ezra 2.63; Nex 7.65. Tsɔ Urim kple Tumim de akɔtaɖonu si nye nyametsonu la me be ne Aron yi Aƒetɔ ŋkume la, wòanɔ eƒe dzi dzi. Ele be Israelviwo ƒe nyametsonu la nanɔ Aron ƒe akɔta edziedzi ne wòle Aƒetɔ ŋkume.
Nunɔlawu bubuawo
(Mos II, 39.22-31)
31Emegbe nàtsɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka ɖeɖe alɔ̃ dziwui si dzi woado kɔmewu la ɖo. 32Woaɖe kɔme nɛ ɖe titina, afi si woaƒo ta ɖo eye woaƒo kɔme la to akpe, be magadze o. 33#Sir 45.9.Eyome nàtsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dzẽ awɔ yevuboɖawo ɖe awu la to godoo ava kpe, eye woatsɔ sika awɔ nyawowoewo ɖe wo domee. #28.33: Yevuboɖa nye atikutsetse aɖe si ɖi aguwɔ. 34Sikanyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka, sikanyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka; alea woanɔ dziwui la to godoo ava kpee. 35Woanɔ Aron ŋu, ne ele subɔsubɔm, eye woanɔ ɖiɖim woase, ne eyi kɔkɔeƒe la le Aƒetɔ ŋkume alo wòdo go, ne menye nenema o la, aku.
36“Tsɔ sika nyuitɔ wɔ kpe gbadzɛ aɖe eye woaŋlɔ nu ɖe edzi abe ale si woŋlɔa ŋkɔdzesi ene be ‘Ele kɔkɔe na Aƒetɔ.’ 37Tsii ɖe aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka ŋuti le tablanu la ŋu le ŋgɔ. 38Anɔ Aron ƒe ŋgonu, ale Aron axɔ fɔɖiɖi siwo anɔ Israelviwo ƒe nunana siwo ŋu wokɔ ŋu la aɖo eɖokui dzi. Anɔ eƒe ŋgonu ɖaa bene woƒe nunanawo nadze Aƒetɔ ŋu.
39“Tsɔ avɔ biɖibiɖi nyuitɔ tɔ awutewui ʋlaya la, atsɔ wɔ tablanu la hãe eye woatsɔ abui awɔ alidziblanu la ŋɔŋɔe ŋɔŋɔe.”
40“Azɔ nàlɔ̃ awutewui ʋlaya, alidziblanu kple tablanu na Aron viŋutsuawo bene wòade bubu wo ŋu, eye wòaɖo atsyɔ̃ na wo. 41Do nu siawo na nɔviwò ŋutsu Aron kple via ŋutsuawo, eyome nàsi ami na wo aɖo wo, akɔ wo ŋu bene woazu nunɔlawo asubɔm. 42Nàtɔ agbotɛ ɣi siwo nadidi tso alime ava se klonu la na wo bene woƒe ama me nagadze o. 43Aron kple via ŋutsuawo nado wo hafi ayi ɖe agbadɔ si me Aƒetɔ ɖea eɖokui fiana le la. Ele na wo hã be woado wo hafi ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, awɔ subɔsubɔdɔ le kɔkɔeƒe la ne woagaɖi fɔ eye woaku o. Esia nanye ɖoɖo na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.
Currently Selected:
Mose II 28: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.