Ɖo na Israelviwo be woanɔ ami nyuitɔ tsɔm vɛ na wò hena akaɖia me dede, ale be akaɖiawo nanɔ xɔxɔm edziedzi. Aron kple via ŋutsuwo nanɔ edzi kpɔm. Woakpɔ egbɔ be wòanɔ bibim gbe sia gbe, tso fiẽ va se ɖe ŋdi le Aƒetɔ ŋkume, le xɔmetsovɔ si godo nubablaɖaka la le la ŋgɔ. Ele na Israelviwo be woawɔ ɖe ɖoɖo sia dzi tegbee tso dzidzime yi dzidzime.