Mose II 26
26
Aƒetɔ Nɔƒegbadɔ la
(Mos II, 36.8-38)
1“Tɔ avɔ gã ewo siwo wolɔ̃ kple lãfuka blɔtɔ, hẽtɔ kple dzẽtɔ eye wowɔ kerubiwo ɖe wo me la ɖe agbadɔ la me. 2Avɔawo katã ƒe didime kple kekeme nasɔ; ɖe sia ɖe nadidi meta wui eve eye wòakeke meta eve. 3Tɔ atɔ̃ ƒe didimekpawo ɖe wo nɔewo nu, eye nàgatɔ atɔ̃ hã ƒe didimekpawo ɖe wo nɔewo nu nenema ke. 4Tsɔ avɔ blɔ wɔ toƒoƒo si me dowo le la ɖe avɔ kpekpeawo nu le eƒe didimekpa ɖeka, eye nàgawɔ toƒoƒo ma ke ƒomevi ɖe eƒe didimekpa evelia hã nu. 5Na do suesue siwo ƒe lolome sɔ la nanɔ avɔ kpekpea ƒe ha gbãtɔ ƒe akpa ɖeka ƒe toƒoƒoa me, eye nàgawɔ do bla atɔ̃ ɖe avɔ kpekpeawo ƒe ha evelia hã ƒe toƒoƒoa me le akpa evelia nenema ke. 6Tsɔ sika tu ga gɔdɔ̃e bla atɔ̃, eye natsɔ wo ku toƒoƒoawo ƒe doawo me. Ekema ga gɔdɔ̃eawo alé avɔ kpekpeawo ƒe nugbɔwo aƒo ƒu woazu agbadɔ ɖeka. 7“Azɔ nàtsɔ gbɔ̃fu lɔ̃ avɔ keke wuiɖekɛ ne woatɔ ɖe wo nɔewo nu atsɔ agba agbadɔ la tame. 8Avɔ siawo dome ɖe sia ɖe nadidi meta wui ene, eye wòakeke meta eve. 9Tɔ atɔ̃ kpe ne woazu avɔ ɖeka, eye nàgatɔ ade mamlɛawo hã kpe ne woawo hã nazu nu ɖeka. Ŋe avɔ adelia si le agbadɔa ƒe ŋgɔgbekpa dzi la me ɖe eve. 10Emegbe nawɔ kabotoe bla atɔ̃ ɖe avɔ kpekpea ƒe go ɖeka me, eye nàgawɔe ɖe kpekpe evelia hã ƒe go ɖeka me.
11“Gatu akɔbliga gɔdɔ̃e bla atɔ̃, eye nàtsɔ wo ku kabotoeawo me be agbadɔ la nakpe azu nu ɖeka. 12Avɔa ƒe go ɖeka si tsi edzi le agbadɔa megbe la naɖiɖi va anyime ava tsyɔ avɔ gbãtɔawo dzi. 13Avɔ siwo tsi edzi le agbadɔa ƒe didimekpa eveawo dzi la naɖiɖi ava anyime sentimeta bla atɔ̃ ava bu agbadɔ la dzi. 14Azɔ wɔ agbogbalẽ kple gbɔ̃gbalẽ nàtsɔ agba agbadɔa tame.
15“Esiawo megbe la, tsɔ xe nàdze ʋuƒo nàtu na agbadɔa. 16Ʋɔtrutiawo nadidi meta atɔ̃, eye woakeke sentimeta bla ade vɔ ade. 17Na ʋuƒo ɖe sia ɖe gɔme nadze eve be wòate ŋu alí, ne wotsɔe tu tsitre. 18Wɔ ʋɔtrutiwo hena agbadɔ la. Ʋɔtruti bla eve nanɔ anyigbeme gome, 19eye nàtsɔ klosalo awɔ gɔme zekpe bla ene ɖe wo te ale be gɔme zekpe eve nanɔ ʋɔtruti ɖe sia ɖe ƒe afɔ eveawo gɔme. 20Wɔ ʋɔtruti bla eve hena agbadɔ la ƒe dzigbeme gome. 21Tsɔ klosalo wɔ gɔme zekpe bla ene ɖe wo te, ale be eve nanɔ ʋɔtruti ɖe sia ɖe gɔme. 22Wɔ ʋɔtruti ade na agbadɔa ƒe akpa si le ɣedzeƒe gome, eye 23nàgawɔ eve na dzogoe siwo le agbadɔa ƒe ɣetoɖoƒe gome hã. 24Mɔ nanɔ dzogoedzi ʋɔtruti eveawo dome le anyime gake le dzime la, woanɔ wo nɔewo ŋu kam, eye asigɛ gã ɖeka nanɔ wo ŋu. Aleae woawɔ ʋɔtruti eveve siwo le dzogoeawo dzi la dometɔ ɖe sia ɖe. 25Ale wo katã anye ʋɔtruti enyi siwo te wotsɔ klosalo awɔ gɔme zekpe wui ade ɖo, elabe gɔme zekpe evee anɔ ɖe sia ɖe te.
26“Azɔ nàtsɔ xe akpa gameti atɔ̃ na ʋɔtruti siwo le agbadɔa ƒe axa ɖeka dzi, 27atɔ̃ na ʋɔtruti siwo le agbadɔa ƒe axa evelia dzi, eye atɔ̃ na ʋɔtruti siwo le agbadɔa megbe le ɣetoɖoƒe gome hã. 28Gameti titinatɔ si to ʋuƒoawo dome la atso agbadɔa ƒe gɔmedzeƒe yi ɖado ɖe eƒe nuwuƒe. 29Fa sika ɖe ʋɔtrutiawo ŋu, eye nàtsɔ sika tu asigɛ siwo me woaƒo gametiawo ɖo la de wo ŋu. Fa sika ɖe gametiawo hã ŋu. 30Tu agbadɔ la ne wòanɔ abe ale si wofia wò le toa dzi ene la pɛpɛpɛ.
31“Tsɔ lãfu blɔtɔ, dzẽtɔ kple hẽtɔ ƒe ka lɔ̃ xɔmetsovɔ, eye nàna woawɔ kerubiwo ɖe eme. 32Tsɔe tsi ɖe sɔti ene siwo wokpa kple xeti la ŋu. Fa sika ɖe sɔtiawo hã ŋu. Wɔ klosalofɔ gbadzawo ɖe sɔtiawo gɔme. Sikagatagbadzɛwo hã nanɔ sɔtiawo ŋuti. 33#Heb 6.19; 9.3-5. Tsɔ xɔmetsovɔ la ku ga gɔdɔ̃e siwo le agbadɔa ƒe dzisasrã ŋu, eye nàtsɔ nubablaɖaka la aɖo xɔmetsovɔa godo, ale be xɔmetsovɔa natso kɔkɔeƒea kple kɔkɔeƒetɔ kekeake dome. 34Eyome natsɔ nubablaɖaka la ƒe nutuvia atu ɖe enu le kɔkɔeƒetɔ kekeake la. 35Tsɔ kplɔ̃a ɖo xɔmetsovɔa ŋgɔ le kɔkɔeƒe la, le agbadɔa ƒe dzigbeme gome le kplɔ̃a ƒe sɔsɔme.
36“Azɔ nàna woalɔ̃ mɔnuvɔ ne natsi ɖe agbadɔa nu. Tsɔ lãfu blɔtɔ kple dzẽtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ̃e. Mitsɔ abui ta nuwo ɖe eto tsɔ ɖo atsyɔ̃ nɛ. 37Eyome nàtsɔ xe akpa sɔti atɔ̃ na mɔnuvɔ sia. Fa sika ɖe sɔtiawo ŋu, eye nàtsɔ sika wɔ wo ŋu gatagbadzɛwo hã. Mlɔeba la, tsɔ akɔbli kɔ afɔ zekpe ɖeka ɖe sɔti siawo dometɔ ɖe sia ɖe gɔme.
Currently Selected:
Mose II 26: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.