Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 11
11
Petro ɖe eɖokui nu le Yerusalem
1Amedɔdɔ kple nɔvi siwo le Yudea la se be ame siwo menye Yudatɔwo o la hã xɔ Mawu ƒe nya la. 2Eya ta esime Petro va Yerusalem la, hamea ƒe hatsotso si dina be woatso aʋa hafi age ɖe hamea me la tso ɖe eŋu hehe nya kplii. Wobiae be: 3“Nu ka tae nèyi ɖadze bolobolotɔwo gbɔ, eye mia kple wo mieɖu nu?” 4Petro gblɔ nu si va dzɔ la fia wo tsitotsito. Ebe: 5“Yopa-dua me mele, le gbe dom ɖa, eye woɖe nane fiam le ŋutega me. Mekpɔ nane si ɖi aklala gbadza gã aɖe. Woɖiɖii to eƒe dzogoe eneawo dzi tso dziƒo ɖe gbɔnye. 6Esi melé ŋku ɖe eŋu nyuie la, mekpɔ lãfɔnewo, lã wɔadãwo, nutatawo kple dziƒoxeviwo le edzi. 7Gbe aɖe ɖi gblɔ nam be: ‘Petro, tso nàwu nu siawo nàɖu!’ 8Ke meɖo eŋu be: ‘Gbeɖe, Aƒetɔ, nu si ŋuti mekɔ le kɔa nu alo nu si woƒo ɖii la, mede nye nu me kpɔ o.’ 9Ke gbe la gaɖi zi evelia tso dziƒo ɖo eŋu be: ‘Nu si ŋu Mawu kɔ la medze be nàbui nu makɔmakɔ o.’ 10Wowɔ nu sia zi etɔ̃ sɔŋ. Azɔ wohe nuawo katã gayi dziƒoe. 11Ɣeyiɣi sia me tututu la, ame etɔ̃ aɖewo va ge ɖe aƒe si me mele la me. Wodɔ ame siawo ɖem tso Kaisarea. 12Gbɔgbɔ la gblɔ nam be mayi kple ame siawo ɖikeke aɖeke manɔmee. Nɔvi xɔsetɔ ade siawo hã kpe ɖe ŋunye míeyi ɖe ŋutsua ƒeme. 13Egblɔ na mí be yekpɔ mawudɔla wòle tsitre ɖe yeƒe aƒeme. Ebe mawudɔla la gblɔ na ye be: ‘Ɖo ame aɖe ɖe Yopa ne wòaɖayɔ Simon, ame si woyɔna hã be Petro la vɛ. 14Eya agblɔ nya si ana woaxɔ mia kple wò aƒe ɖe agbe la na mi.’ 15Esi medze nye nuƒoa gɔme la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖi ɖe wo dzi, abe ale si wòɖi ɖe míawo hã mía dzi le gɔmedzedzea me la ene. 16#Dɔw 1.5. Tete meɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nya si wògblɔ la dzi be: ‘Yohanes le mawutsi na amewo kple tsi, ke miawo ya, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe alee na mi.’ 17Ne Mawu tsɔ nunana si tututu wòtsɔ na mí, esime míexɔ Aƒetɔ Yesu dzi se la na ame siawo hã la, ame kae menye axe mɔ na Mawu? 18Esi wose nya sia la, womenya nya ka woagagblɔ o. Ke boŋ wokafu Mawu gblɔ be: ‘Ke Mawu ʋu mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã be woatrɔ dzime anɔ agbe!’ ”
Antioxia-hame la
19 #
Dɔw 8.1-4. Le Stefano ƒe ku megbe la, woti xɔsetɔwo yome vevie. Ale wokaka do ɖe Foenisia, Kipro kple Antioxia henɔ Nyanyui la gblɔm na Yudatɔwo ɖeɖe ko. 20Ke xɔsetɔ bubu aɖewo, siwo tso Kipro kple Kirene la va Antioxia, eye woɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu na Helatɔwo hã. 21Aƒetɔ la kpe ɖe wo ŋu, ale ame geɖewo xɔ se hetrɔ ɖe eŋu. 22Yerusalem-hame la se nya sia, eye wodɔ Barnaba ɖo ɖe Antioxia. 23Esi wòɖo la, dzi dzɔe elabe ekpɔ be Mawu ve ameawo nu ŋutɔ. Ede dzi ƒo na wo katã be woanɔ Aƒetɔ la yome kplikpaa, eye woawɔ nuteƒe nɛ. 24Barnaba nye ame ɖɔʋu aɖe. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔe taŋ, eye eƒe xɔse li ke. Ale ame geɖe to edzi xɔ Aƒetɔ la dzi se. 25Emegbe la, Barnaba yi ɖe Tarso ɖadi Saulo. 26Esi wòkpɔe la, ekplɔe va Antioxia. Wo ame eve la nɔ hamea gbɔ ƒe ɖeka, eye wofia nu ame geɖe. Antioxia, afi siae woyɔ xɔsetɔwo le zi gbãtɔ be: “Kristotɔwo.”
27Ɣe ma ɣi la, Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖewo tso Yerusalem va Antioxia. 28#Dɔw 21.10. Wo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Agabo. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na wògblɔ nya ɖi be dɔ gã aɖe le toto ge le xexea me katã. Esia va ve me le Roma Fiagã Klaudio ƒe dziɖuɣi. 29Ale nusrɔ̃laawo ɖoe be ame sia ame nadzɔ nu si wòate ŋui, ne yewoatsɔ ayi ɖakpe ɖe hametɔ siwo le Yudea la ŋu. 30Wodzɔ nua, eye wotsɔe na Barnaba kple Saulo wotsɔ yi na hamemetsitsiawo.
Currently Selected:
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 11: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.