Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 10
10
Kornelio dɔ ame ɖe Petro
1Ŋutsu aɖe nɔ Kaisarea si ŋkɔe nye Kornelio. Enye aʋakplɔla le Roma-srafoha si woyɔna be “Italia-srafoha” la me. 2Kornelio doa vevi mawusubɔsubɔ, eye eya kple eƒe aƒemetɔwo katã nye mawuvɔ̃lawo. Enaa nu hiãtɔwo faa, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu ɣe sia ɣi. 3Gbe ɖeka ɣetrɔ abe ga etɔ̃ me ene la, Kornelio kpɔ Mawu ƒe dɔla aɖe le ŋutega me. Dɔla la va yɔe be: “Kornelio!” 4Vɔvɔ̃ ɖoe, eye wòle dɔla la kpɔm gã. Kornelio bia be: “Aƒetɔ, nu kae?” Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Ale si nèdoa gbe ɖa kple ale si nèwɔa dɔmenyo na amewo la dze Mawu ŋu. 5Azɔ la, dɔ ame ɖe Yopa be wòaɖayɔ Simon si wogayɔna hã be Petro la vɛ. 6Edze Simon, lãgbalẽdɔwɔla, ame si ƒe aƒe le ƒu nu lɔƒo la gbɔ.” 7Esi mawudɔla si ƒo nu kplii la dzo la, Kornelio yɔ eƒe dɔla eve vɛ. Etia eƒe asrafo siwo subɔnɛ la dometɔ ɖeka si nye mawuvɔ̃la la kpe ɖe wo ŋu. 8Esi wògblɔ nu siwo katã dzɔ la na wo la, edɔ wo ɖe Yopa.
9 #
Yudit 8.5. Ŋkeke evea gbe esi wole mɔzɔzɔ dzi hegogo Yopa la, Petro yi ɖe aƒe si me wòle la ƒe xɔta be yeado gbe ɖa. Anɔ abe ŋdɔ ga wui eve me ene. 10Dɔ nɔ ewum, eye nuɖuɖu dzroe. Ke esi wole nua ɖam la, ekpɔ ŋutega. 11Ekpɔ dziƒo wòʋu ɖi. Ekpɔ nane si ɖi aklala gbadza gã aɖe. Woɖiɖii to eƒe dzogoe eneawo dzi ɖe anyigba. 12Lãfɔnewo, nutatawo kple xevi ƒomevi vovovowo le nua dzi. 13Gbe aɖe ɖi gblɔ nɛ be: “Petro, tso, nàwu nu siawo nàɖu!” 14Ke Petro ɖo eŋu be: “Gbeɖe, Aƒetɔ, nu si ŋu mekɔ le kɔa nu alo nu si woƒo ɖii la mede nye nu me kpɔ o.” 15Gbea gaɖi nɛ zi evelia gblɔ be: “Nu si ŋuti Mawu kɔ la medze be nàbui nu makɔmakɔ o.” 16Wowɔ nu sia zi etɔ̃ sɔŋ. Tete wokɔ nua zi ɖeka yi dziƒoe.
17Petro tɔtɔ eye wònɔ tame bum vevie be yease ŋutega la gɔme. Ɣeyiɣi sia me tututu la, Kornelio ƒe amedɔdɔ siwo yi ɖabia Simon ƒe aƒe ta se la va ɖo agboa nu. 18Wokɔ gbe dzi bia be: “Afi siae Simon si woyɔna be Petro la va dze mahã?” 19Petro ganɔ tame bum le ŋutega la ŋu ko. Kasia Gbɔgbɔ la gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, ŋutsu etɔ̃#10.19: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo be ame aɖewo; ɖeka aɖe ya be ame eve. va le diwòm. 20Tso, nàɖi yi wo gbɔ ne miayi. Mègahe ɖe megbe o, elabe nye ŋutɔe dɔ wo ɖe gbɔwò.” 21Ale Petro ɖi yi ɖe ameawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Nyee nye ame si dim miele. Gbɔnye fa.” 22Woɖo eŋu be: “Míawo hã mía gbɔ fa. Aʋakplɔla Kornelio ye dɔ mí ɖe gbɔwò. Enye nuteƒewɔla vɔ̃mawu, ame si ƒe nyanyui Yudatɔwo katã gblɔna. Ebe mawudɔla kɔkɔe aɖe bia tso ye si be yeneɖo ame ɖe wò nàva ye ƒeme, ne nàva gblɔ gbɔwò nya na ye.” 23Ale Petro na amedzroawo ge ɖe aƒea me hedze egbɔ, eye wotsi afi ma dɔ.
Esi ŋu ke la, edzra ɖo eye eya kple amedɔdɔawo kpakple nɔvi siwo le Yopa dome ame aɖewo dze mɔ. 24Woɖo Kaisarea ŋkeke evea gbe. Kornelio kple eƒe ƒometɔwo kpakple exɔlɔ̃ vevi siwo wòkpe la le mɔ kpɔm na wo. 25Esi Petro ge ɖe aƒea me la, Kornelio do va kpee. Edze klo ɖe eƒe afɔnu, eye wòde ta agu nɛ. 26Ke Petro fɔe dzi, eye wògblɔ nɛ be: “Tsi tre. Amegbetɔ ko nye hã menye.” 27Wo ame eve la nɔ dze ɖom ge ɖe eme, eye Petro kpɔ ame geɖewo ƒo ƒu ɖi. 28Petro gblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔ mienyae be se meɖe mɔ na Yudatɔ aɖeke be wòade ha kple dukɔ bubu me tɔ aɖe, alo wòaɖi tsa ayi egbɔ teti hã o. Ke Mawu na menya be medze be mabu ame aɖeke be eya medze woazɔ kplii loo, alo enye ame ƒoɖi o. 29Esia tae esi miedɔ ame ɖem la, nyemegbe vava o. Azɔ la, mabia mi se: Nya ka ŋutie mieyɔm ɖo?”
30Kornelio gblɔ be: “Ŋkeke enee nye esi va yi la, menɔ gbe dom ɖa#10.30: Mawunyagbalẽ xoxo aɖe gblɔ kpe ɖe eŋu be: “…nɔ gbe dom ɖa hetsi nu dɔ.” le nye aƒeme le ɣetrɔ ga etɔ̃ me. Kasia ŋutsu aɖe, si do awu si le dzo dam la va le tsitre ɖe gbɔnye. 31Egblɔ nam be: ‘Kornelio, Mawu se wò gbedodoɖa eye wòkpɔ ale si nèwɔa dɔmenyo na amewoe. 32Dɔ ame ɖe Yopa, ne woaɖayɔ Simon si wogayɔna hã be Petro la vɛ. Edze Simon, lãgbalẽdɔwɔla, ame si ƒe aƒe le ƒu nu lɔƒo la gbɔ.’ 33Ale medɔ ame ɖe wò enumake. Enyo ŋutɔ be nèva. Mí katã míeƒo ƒu ɖe Mawu ŋkume afii, be míase nya si Aƒetɔ la de asiwò be nàgblɔ na mí la.”
Petro ƒe nuƒo
34 #
Mos V, 10.17. Tete Petro ƒo nu na wo gblɔ be: “Nyateƒe, mekpɔe dze sii be Mawu medea vovototo ame me o. 35Ke boŋ le dukɔ ɖe sia ɖe me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu. 36Mienya nya si wògblɔ ɖo ɖe Israel-dukɔ la. Nya sia nye gbeƒã si woɖe be Nyanyui la he ŋutifafa vɛ to Yesu Kristo si nye amewo katã ƒe Aƒetɔ la dzi. 37Woɖe gbeƒã nya la le Yudea-nyigba katã dzi. Wodze egɔme tso Galilea, esime Yohanes ɖe gbeƒã mawutsilename vɔ megbe. 38Mienya be Mawu tsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe kple ŋusẽ si ami na Yesu Nazaretetɔ la. Mienya be etsa yi teƒe geɖe, wɔ nyui na amewo, eye wòda gbe le ame siwo katã Abosam te ɖe anyi la ŋu, elabe Mawu nɔ kplii. 39Nu siwo katã wòwɔ le Israel-dukɔa me kple Yerusalem la, míawoe kpɔ eteƒe kple ŋku. Ke woklãe ɖe ati ŋu hewui. 40Gake Mawu fɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe, eye wòɖee fia amewo. 41Menye ame sia amee kpɔe o; ke mí ame siwo Mawu tia be míanye ɖaseɖilawo la, míekpɔe. Esi wòfɔ tso ku me la, míawoe ɖu nu heno nu kplii. 42Egblɔ na mí be míɖe gbeƒã Nyanyui la na amewo, eye míɖi ɖase be Kristoe nye ame si Mawu ɖo be wòava drɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo siaa. 43Eya ŋue Mawu ƒe gbeƒãɖelawo katã ɖi ɖase le be le eyama ƒe ŋusẽ ta la, ame sia ame si xɔ edzi se la, woatsɔ eƒe nuvɔ̃wo akee.”
Ame siwo menye Yudatɔwo o hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la
44Petro mekpɔ wu eƒe nuƒoa nu hafi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖi ɖe ame siwo katã se nya la dzi o. 45Xɔsetɔ aɖewo siwo nye Yudatɔ la kplɔ Petro yi ɖe Yopa. Esi wokpɔ be Mawu tsɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔ ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la gɔ̃ hã dzi la, woƒe nu ku. 46Elabe wose wole nu ƒom le gbe bubuwo me hele Mawu kafum. Petro ƒo nu gblɔ be: 47“Ame siawo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la abe míawo ke ene, ɖe ame aɖe ate ŋu axe mɔ be womale mawutsi na wo oa?” 48Ale wòna wole mawutsi na wo ɖe Yesu Kristo ŋkɔ me. Emegbe la, ameawo bia tso Petro si be wòanɔ yewo gbɔ ŋkeke aɖewo.
Currently Selected:
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 10: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.