Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 9
9
Saulo trɔ dzime
(Dɔw 22.6-16; 26.12-18)
1Ɣeyiɣi sia me la, Saulo ganɔ ŋɔdzi dom na Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo kokoko, be yeawu wo. Eyi nunɔlagã gbɔ, 2eye wòbiae be woaŋlɔ agbalẽ na ye yeatsɔ ayi ɖe ƒuƒoƒe siwo le Damasko la, ale be ne yekpɔ ame aɖe, si le Aƒetɔ la ƒe mɔa dzi la, yeablae akplɔe va Yerusalem, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o. 3Esi Saulo le eƒe mɔzɔzɔ dzi gogo Damasko la, kekeli klẽ tso dziƒo ƒo xlãe. 4Edze anyi, eye wòse gbe aɖe le gbɔgblɔm nɛ be: “Saulo, Saulo! Nu ka ta nèle yonyeme tim?” 5Saulo bia be: “Aƒetɔ, wò ame kae?” Gbe la ɖo eŋu be: “Nye Yesu, ame si yome tim nèle lae. 6Fɔ nàge ɖe dua me, eye woagblɔ nu si wòle be nàwɔ la na wò.” 7Ame siwo nɔ mɔ zɔm kplii la tɔ te ɖe afi ma; gbɔgblɔ bu ɖe wo. Togbɔ be wose gbea hã la, womekpɔ ame aɖeke o. 8Saulo fɔ le anyigba, ke esi wòʋu ŋku la, mete ŋu le nu kpɔm o. Ale wolé eƒe asi hekplɔe ge ɖe Damasko-dua me. 9Enɔ anyi ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mekpɔ nu o, meɖu nu o eye meno naneke hã o.
10Azɔ la, nusrɔ̃la aɖe nɔ Damasko si ŋkɔe nye Anania. Ekpɔ ŋutega si me Aƒetɔ la yɔe be: “Anania!” Etɔ nɛ be: “Aƒetɔ, nyee nye esi!” 11Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Tso nàyi ɖe ablɔ si ŋkɔe nye Ablɔdzɔdzɔe la dzi, eye nàbia Yuda ƒeme ta. Ne ège ɖe aƒea me la, bia ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Saulo tso Tarso la ta se. Ŋutsu sia le gbe dom ɖa, 12eye wòkpɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Anania le ŋutega me wòva da asi ɖe edzi, wògakpɔ nu.”
13Anania ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, mese nya le ame geɖewo nu tso ŋutsu sia ŋu. Wogblɔ be ewɔ nuvɔ̃ɖi geɖe ɖe wò ame siwo ŋu nèkɔ le Yerusalem la ŋu. 14Wobe exɔ ŋusẽ tso nunɔlagã siwo le Yerusalem la gbɔ, be yeava lé ame siwo katã subɔa wò le afi sia la.” 15Ke Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Heyi, elabe ɖe metia ame sia be wòanye ŋudɔwɔnu nam. Medi be wòana ame siwo menye Yudatɔwo o, fiawo kple Israel-dukɔmetɔwo nanya nye ŋkɔ. 16Nye ŋutɔ mafia ale si gbegbe wòle be wòakpe fu le nye ŋkɔ la ta lae.” 17Ale Anania tso yi ɖage ɖe aƒe si me Saulo le la me. Eda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be: “Nɔvi Saulo, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi esi nègbɔna lae dɔm ɖe gbɔwò, be wò ŋkuwo naʋu, nàgakpɔ nu eye nàxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.” 18#Tob 11.13-15.Enumake nane si le abe tsro ene la ge le Saulo ƒe ŋku dzi, eye wògakpɔ nu. Etsi tsitre eye wole mawutsi nɛ. 19Eɖu nu eye wòkpɔ ŋusẽ.
Saulo gblɔ mawunya le Damasko
Saulo nɔ xɔsetɔ siwo le Damasko la gbɔ ŋkeke geɖe. 20Eyi ɖe ƒuƒoƒewo enumake, eye wòɖe gbeƒã be: “Yesue nye Mawu Vi la.” 21Ame siwo katã ɖo toe se eƒe nyawo la ƒe mo wɔ yaa, eye wobia be: “Alo ɖe menye ŋutsu siae wɔ funyafunya ame siwo xɔ Yesu ŋkɔ dzi se le Yerusalem oa? Gawu la, ɖe menye susu ma ke tae wòva afi sia ɖo be yeava lé xɔsetɔwo abla akplɔ yi ɖe nunɔlagãwo gbɔe oa?” 22Ke ŋusẽ ɖo Saulo ŋu wu tsã, eye ale si wòɖe nya me, be Yesue nye Kristo la la, me kɔ ale gbegbe be Yudatɔ siwo le Damasko la ƒe nu ku.
23 #
Kor II, 11.32, 33. Ŋkeke geɖe megbe la, Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe Saulo ŋu be yewoawui, 24gake ese nugbeɖoɖoa. Yudatɔwo nɔ agboawo nu dzɔm zã kple keli be yewoawui. 25Gbe ɖeka le zã me la, Saulo ƒe nusrɔ̃lawo kɔe de kusi me, to gli ta heɖiɖii ɖe anyi, eye wòdzo.
Saulo le Yerusalem
26Esi Saulo va ɖo Yerusalem la, edi be yeage ɖe nusrɔ̃lawo dome. Ke nusrɔ̃lawo katã nɔ vɔvɔ̃m nɛ, elabe womexɔ se be eya hã nye nusrɔ̃la o. 27Ke Barnaba kplɔe va amedɔdɔawo gbɔe. Eƒo nu na wo le ale si Saulo kpɔ Aƒetɔ la le mɔ dzi, eye Aƒetɔ la ƒo nu nɛ kple ale si wògblɔ mawunya vɔvɔ̃ manɔmee le Damasko le Yesu ŋkɔ me la ŋu. 28Ale Saulo hã ge ɖe wo dome le Yerusalem, eye wògblɔ mawunya vɔvɔ̃ manɔmee le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me. 29Edzro nya me kple Yudatɔ siwo doa Hela-gbe, ke wodi mɔnu le eŋu be yewoawui. 30Esi nɔviawo see la, wokplɔe yi ɖe Kaisarea, eye woɖoe ɖe Tarso tso afi ma.
31Azɔ la, hame siwo katã le Yudea, Galilea kple Samaria la ƒe to me fa, eye wotsi ɖe edzi. Wonɔ agbe ɖe Aƒetɔ la ƒe nya nu, eye wodzi ɖe edzi, elabe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na woƒe dzi dze eme.
Petro de Lida kple Yopa
32Petro tsa le xɔsetɔ geɖewo dzi de teƒe geɖe. Eyi ɖe Lida hã be yeakpɔ ame siwo ŋuti wokɔ la ɖa le afi ma. 33Edo go lãmetututɔ aɖe si ŋkɔe nye Ainea. Ŋutsu sia nɔ dɔba dzi ƒè enyi sɔŋ. 34Tete Petro gblɔ nɛ be: “Ainea, Yesu Kristo yɔ dɔ wò. Tsi tre nàɖo wò aba.” Ainea tsi tsitre enumake. 35Esi ame siwo katã le Lida kple Saron kpɔe la, woxɔ Aƒetɔ la dzi se.
36Nyɔnu nusrɔ̃la aɖe nɔ Yopa si ŋkɔe nye Tabita. (Woyɔnɛ le Hela-gbe me be Dorkas si gɔme nye zi.) Ewɔ dɔ nyui geɖe, eye wònyo dɔme na hiãtɔwo. 37Eva dze dɔ, eye wòku. Esi wole tsi nɛ vɔ la, wokɔe yi ɖamlɔ dziƒoxɔ dzi. 38Lida medidi tso Yopa gbɔ o. Ale esi nusrɔ̃lawo se be Petro le Lida la, wodɔ ame eve ɖee gblɔ be: “Míeɖe kuku, tso kpla nàva kpɔ mí ɖa.” 39Ale Petro tso heyi kple amedɔdɔawo. Esi woɖo afi ma la, wokplɔ Petro yi ɖe dziƒoxɔa dzi. Ahosiwo katã va le tsitre ɖe Petro gbɔ le avi fam, eye wotsɔ awutewui kple awu siwo Tabita tɔ le eƒe agbenɔɣi la le fiafiam. 40Petro na ameawo katã do go le xɔa me. Edze klo hedo gbe ɖa. Etrɔ ɖe ame kukua gbɔ yɔe gblɔ be: “Tabita, tsi tsitre!” Tete nyɔnua ʋu ŋku. Esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi. 41Petro de asi asi me nɛ, hekɔe wòtso ɖe tsitrenu. Eyɔ ame siwo ŋu wokɔ kple ahosi siwo le afi ma la vɛ, eye wòtsɔe de wo si agbagbee. 42Nya sia ɖi hoo le Yopa, ale be ame geɖewo va xɔ Aƒetɔ la dzi se. 43Petro tsi Yopa ŋkeke geɖe, eye wònɔ Simon, lãgbalẽdɔwɔla la gbɔ.
Currently Selected:
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 9: EB14
Highlight
Share
Copy
![None](/_next/image?url=https%3A%2F%2Fimageproxy.youversionapi.com%2F58%2Fhttps%3A%2F%2Fweb-assets.youversion.com%2Fapp-icons%2Fen.png&w=128&q=75)
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.