YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 8

8
1Ke Saulo lɔ̃ ɖe Stefano wuwu dzi.
Saulo ti hame la yome
Gbe ma gbe kee wodze hametɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme. Ale hametɔawo katã ka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria nutoawo me, negbe amedɔdɔawo ko. 2Ke mawuvɔ̃la aɖewo va kɔ Stefano ƒe kukua yi ɖaɖi, eye wofae vevie.
3 # Dɔw 22.4, 5; 26.9-11. Azɔ Saulo de asi hame la gbagbã me. Etsana tso aƒeme yi aƒeme eye wòhea ŋutsu kple nyɔnuwo siaa yina ɖadea gaxɔ me.
Wogblɔ Nyanyui la le Samaria
4Azɔ ame siwo ka hlẽ la gblɔ Nyanyui la le afi siwo woto la. 5Filipo yi ɖe Samariatɔwo ƒe du aɖe me, eye wòɖe gbeƒã Kristo la na wo. 6Esi ameha la se eƒe nyawo eye wokpɔ dzesi siwo wòwɔ la, wo katã woxɔ eƒe nya la. 7Elabe gbɔgbɔ vɔ̃wo do go tso ame siwo me wole la kple ɣli, lãmetututɔwo haya eye tekunɔwo zɔ azɔli. 8Ale dua me tɔwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
9Ŋutsu aɖe nɔ dua me si ŋkɔe nye Simon. Enye dzosala. Do ŋgɔ la, ewɔa nukunuwo le Samaria-dukɔa me, amewo kpɔna. Egblɔna be ŋusẽtɔ gã aɖee yenye. 10Ame siwo katã le dukɔa me, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, bunɛ eye wogblɔna le eŋu be: “Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be: ‘Ŋusẽtriakɔ’ la le ame sia si.” 11Woɖoa to eƒe nyawo, elabe tso ɣe aɖe ɣi ke la, eƒe nuwɔnawo wɔa nuku na amewo. 12Ke esi Filipo va gblɔ Nyanyui la na wo tso Mawu ƒe fiaɖuɖu kple Yesu Kristo ŋkɔ ŋu, eye woxɔe se ko la, wole mawutsi na wo dome ame geɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. 13Simon ŋutɔ hã xɔe se, eye wole mawutsi nɛ wòdze Filipo yome. Esi wòkpɔ dzesi kple nukunu gã siwo le eme vam la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ.
14Azɔ esi amedɔdɔawo se le Yerusalem be Samariatɔwo xɔ Mawu ƒe nya la la, woɖo Petro kple Yohanes ɖe wo gbɔ. 15Esi woɖo afi ma la, wodo gbe ɖa ɖe xɔsetɔawo ta bene woaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 16Togbɔ be wole mawutsi na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ŋkɔ me hã la, womexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o. 17Ale Petro kple Yohanes da asi ɖe ame siawo dzi, eye woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 18Simon de dzesii be asi ko amedɔdɔawo da ɖe xɔsetɔawo dzi, eye woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eya ta etsɔ ga home aɖe na Petro kple Yohanes 19hegblɔ be: “Mitsɔ ŋusẽ sia na nye hã, ale be ame si dzi mada asi ɖo la, eya hã naxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.” 20Ke Petro ɖo eŋu nɛ be: “Neɖi mia kple wò ga la ŋu! Ɖe nèbu be yeaƒle Mawu ƒe nunana la kple ga? 21Wɔƒe aɖeke meli na wò le subɔsubɔdɔ sia me kpli mí o, eye gome aɖeke hã meli nàkpɔ o, elabe wò dzime mekɔ le Mawu gbɔ o. 22Eya ta ɖe asi le susu vɔ̃ɖi si ɖo tame na wò la ŋu, eye nàɖe kuku na Aƒetɔ la. Ɖewohĩ atsɔ wò dzimesusu la ake wò. 23Mekpɔ be èle ŋu ʋãm vevie eye nèzu nuvɔ̃ ƒe kluvi.” 24Simon ɖo eŋu na Petro kple Yohanes be: “Mido gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye, ale be nu siwo miegblɔ la dometɔ aɖeke nagadzɔ ɖe dzinye o.”
25Azɔ esi Petro kple Yohanes ɖi ɖase, eye wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la vɔ la, wogbugbɔ yi Yerusalem, le gbeƒã ɖem Nyanyui la le Samaria-kɔƒe geɖewo me.
Etiopia-fianyɔnu ƒe dɔdzikpɔla trɔ dzime
26Azɔ la, Aƒetɔ la ƒe dɔla aɖe gblɔ na Filipo be: “Tsi tre nàyi anyigbeme gome, eye nàɖo ta mɔ si tso Yerusalem va yi Gaza la dzi.” Mɔ sia to gbedadaƒo. Ale Filipo tso heyi. 27Ɣeyiɣi sia me la, Etiopia dudɔwɔla si kpɔa fianyɔnu, Kandake, ƒe kesinɔnuwo katã dzi la trɔ tso gbedoɖaƒe le Yerusalem, 28yina aƒe. Ebɔbɔ nɔ anyi ɖe tasiaɖam me nɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm. 29Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na Filipo be: “Te ɖe tasiaɖam sia ŋu.” 30Ale Filipo ƒu du yi ɖe egbɔ. Ese eŋkɔ wònɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm. Filipo biae be: “Èle nu si xlẽm nèle la gɔme sema?” 31Dudɔwɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Ale ke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke meɖe egɔme nam o?” Ale wòbia tso Filipo si be wòage ɖe eme ava nɔ ye xa. 32#Yes 53.7, 8. Mawunya si xlẽm wònɔ lae nye esi:
“Edzé abe alẽ si wokplɔ yina wuwu ge,
alo abe alẽvi si li kpoo
le eƒe fukola si me la ene.
Meke nu gblɔ nya aɖeke o.
33Wobɔbɔe ɖe anyi,
eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o.
Ame aɖeke mate ŋu aƒo nu
tso eƒe dzidzimeviwo ŋu o,
elabe woɖe eƒe agbe ɖa
tso xexea me.”
34Dudɔwɔla la bia Filipo be: “Meɖe kuku, ame ka ƒe nya gblɔm Mawu ƒe gbeƒãɖela la le? Eya ŋutɔ ŋunyae loo, alo ame bubu aɖe tɔ yea?” 35Ale Filipo ƒo nu nɛ. Edze egɔme tso mawunya sia dzi, eye wòyi edzi gblɔ Nyanyui la le Yesu ŋu nɛ. 36Esi wozɔ mɔa yina sẽe la, wova ɖo teƒe aɖe, afi si wokpɔ tsi le. Tete dudɔwɔla la gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, tsie nye esi. Nu kae agaxe mɔ na mawutsilele nam?” 37#8.37: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo de kpukpui sia me be: “Filipo gblɔ nɛ be: ‘Woate ŋu ale mawutsi na wò, ne èxɔe se kple wò dzi blibo.’ ” Eɖo eŋu be: “Mexɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu Vi la.” 38Enumake dudɔwɔla la ɖe gbe be tasiaɖam la netɔ. Esi wòtɔ la, Filipo kple ŋutsua ge ɖe tsia me, eye Filipo le mawutsi nɛ. 39Esi wodo le tsia me la, Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ la kplɔ Filipo dzoe, eye dudɔwɔla la megakpɔe o. Eyi eƒe mɔzɔzɔ dzi kple dzidzɔ. 40Ke Filipo va do ɖe keke Azoto ke. Enɔ tsatsam nɔ Nyanyui la gblɔm le duawo katã me, va se ɖe esime wòɖo Kaisarea.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in