YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 12

12
Yometiti bubuwo
1Ɣe ma ɣi lɔƒo la, Fia Herodes ti hametɔ aɖewo yome ŋɔdzitɔe. 2Ewu Yakobo, Yohanes nɔvi kple yi. 3Esi wòkpɔ be esia dze Yudatɔwo ŋu la, elé Petro hã. (Amɔwɔ Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui ɖuɣie wòwɔ esia). 4#Mos II, 12.1-27. Esi wòlée la, edee gaxɔ me. Ena asrafo wui ade siwo le hatsotso ene me la le Petro ŋu dzɔm. Herodes ɖoe be ne Paska la va yi vɔ la, ekema yeahee ɖe go adrɔ̃ ʋɔnui le dutoƒo. 5Ale Petro le gaxɔa me, ke hametɔwo nɔ gbe dom ɖa na Mawu vevie ɖe eta.
Woɖe Petro le gaxɔ me
6Ŋkeke si dzi tututu Herodes le Petro ɖe ge ɖe dutoƒo la ƒe zã me la, wode kɔsɔkɔsɔ eve Petro eye wòle alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Dzɔlawo nɔ ʋɔtrua nu hã henɔ gaxɔ la ŋu dzɔm. 7Kasia Aƒetɔ la ƒe dɔla do, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Mawudɔla la ƒo Petro ƒe axadame, nyɔe hegblɔ nɛ be: “Fɔ kaba!” Enumake kɔsɔkɔsɔawo ge le Petro ƒe alɔnu. 8Mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Bla ali dzi, nàdo afɔkpa.” Petro wɔ nenema. Mawudɔla la gagblɔ nɛ be: “Do wò awu ʋlaya nàdze yonyeme.” 9Ale Petro kplɔe ɖo eye wodo le gaxɔa me. Petro menya be nu si le eme vam to mawudɔla la dzi la, le dzɔdzɔm vavã o. 10Esi woto dzɔla gbãtɔwo kple eveliawo ŋu la, wova ɖo dua ƒe agbo si wowɔ kple gakpo la nu. Agboa ŋutɔ koe ʋu le eɖokui si siaa, eye wodo dzo. Wozɔ mɔdodo aɖe dzi yina, kasia mawudɔla la dzo le egbɔ. 11Petro ƒe mo kɔ azɔ, eye wògblɔ be: “Nyateƒe, menya azɔ be, Aƒetɔ lae dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖem tso Fia Herodes si me. Eɖem tso nu siwo katã Yudatɔwo kpɔ mɔ na be adzɔ ɖe dzinye la hã me.”
12Esi wòkpɔ esia dze sii la, eyi ɖe Maria, Yohanes si woyɔna be Marko la, dada ƒeme. Ame geɖe ƒo ƒu ɖe afi ma le gbe dom ɖa. 13Petro ƒo agbo la, eye nyɔnuvidɔla aɖe, si ŋkɔe nye Roda la do va, be yeakpɔ ɖa be ame kae hã. 14Esi nyɔnuvia se Petro ƒe gbe me la, edze sii be eyae. Dzi dzɔe ale gbegbe be megaxaʋu agbo la gɔ̃ hã o, ɖeko wòsi du trɔ yi eme ɖagblɔ na wo be Petro ye le tsitre ɖe agboa nu. 15Wogblɔ nɛ be: “Èdze aɖaʋa!” Ke nyɔnuvia ka ɖe edzi be nyateƒee. Ameawo gblɔ nɛ be: “Ekem anye Petro ƒe mawudɔlae!” 16Petro ganɔ agboa ƒoƒo dzi. Esi woʋui hekpɔ Petro la, woƒe nu ku. 17Petro wɔ asi na wo be woazi ɖoɖoe. Emegbe la, eƒo nu na wo tso ale si Aƒetɔ la ɖee tso gaxɔa me la ŋu. Egblɔ na wo be: “Miyi ɖagblɔ nya sia na Yakobo kple nɔvi bubuawo hã.” Esia megbe la, Petro dzo le wo gbɔ yi ɖe teƒe bubu.
18Esi ŋu ke la, asrafoawo tɔtɔ ŋutɔŋutɔ, elabe womenya nu si dzɔ ɖe Petro dzi o. 19Herodes na wodii ʋuu, ke womekpɔe o. Edrɔ̃ ʋɔnu wo eye wòɖe gbe be woakplɔ wo aɖawu.
Esia megbe la, Fia Herodes trɔ tso Yudea, yi Kaisarea, eye wòɖanɔ afi ma.
Fia Herodes ƒe ku
20 # Mak II, 9.5-28. Gbe ɖeka la, Herodes do dɔmedzoe ɖe Tirotɔwo kple Sidontɔwo ŋu. Ale ameawo wɔ ɖeka va egbɔ. Gbã la, wokpɔ Blasto, ame si nye fia la ƒe nuwo dzikpɔla la hebia tso esi be wòakpe ɖe yewo ŋu. Woyi ɖe fia la gbɔ azɔ hebia tomefafa, elabe Herodes ƒe dukɔ mee wokpɔa nuɖuɖu tsonɛ.
21Woɖo ŋkeke eye gbe ma gbe la, Herodes do fiawu, bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi, eye wòƒo nu na ameha blibo la. 22Ameawo do ɣli be: “Mawu ƒe gbee le ɖiɖim; menye amegbetɔ tɔe o!” 23Enumake Aƒetɔ ƒe dɔla ƒo Herodes, elabe metsɔ bubu na Mawu o. Ale wòdze nyé heku.
24Ke Mawu ƒe nya la tsi ɖe edzi eye wòkeke ta.
25Esi Barnaba kple Saulo wu dɔ si wode asi na wo la nu vɔ la, wokplɔ Yohanes si woyɔna be Marko la ɖe asi trɔ gbɔ tso Yerusalem.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in