Marko 6
6
Wodo vlo Yesu le Nazaret.
1Eye wòdo go tso afima, eye wòva fofoawo de; eye eƒe nusiawo le eyome. 2Eye esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame geɖe, siwo see la, ƒe nu ku, eye wogblɔ bena: Afika amesia kpɔ nusiawo tsoe, eye nunya ka ƒomevi nye esi wonae mahã, ale be ŋusẽdɔ siawo va ve me to eƒe asi dzi mahã? 3Alo amesia la, de menye atikpala, si nye Mana vi la, kple Yakobo, Yose, Yuda kpakple Simon nɔvi lae o mahã? Eye nɔvianyɔnuwo hã mele mía dome afisia o mahã? Eye wòzu nuɖiaɖia na wo le eyama ŋuti. 4Eye Yesu gblɔ na wò bena: Womedoa kpo nyagblɔɖila bubu o, negbe le eya ŋutɔ fofoawo de kple eƒomeawo dome kpakple eƒe me ko. 5Eye mete ŋu wɔ ŋusẽdɔa ɖeke le afima o, negbe dɔléla ʋeea ɖewo ko ŋu wòda gbe le, le esime wòda asi ɖe wo dzi. 6Eye eƒe mo wɔ yaa le woƒe dzimaxɔse la ŋuti. Eye wotsa le kɔƒe, siwo ƒo xlã afima la me hele nu fiãm.
Yesu dɔ nusrɔ̃la wuieveawo.
7Tete wòyɔ ame wuieve la va egbɔ, eye wòde asi wo dɔdɔ me eveveve; eye wòna ŋusẽ wo de gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi; 8eye wòde se na wo bena, woagatsɔ naneke de asi de mɔzɔzɔ ŋu o, negbe atizɔti ko; menye kotoku alo abolo o, alo ga nanɔ woƒe go nu hã o; 9ke wòado atokotawo; eye womagado dziwui eve o. 10Eye wògblɔ na wo bena: Afisi ke miayi ɖe aƒea ɖe me le la, minɔ afima vaseɖe gbesigbe ke miadzo. 11Eye teƒe, si womexɔ mi le o, alo womeɖo to mi le o la, ne miele dzodzo ge le afima la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo le ʋɔnudrɔ̃gbe la abe du ma ene o. 12Eye esi wodo go yi la, wode gbe ƒã bena, woatrɔ le woƒe dzi me. 13Eye wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do go, ye wòsi ami na dɔléla geɖewo heda gbe le wo ŋu.
Herodes Antipa tso ta le Yohanes mawutsidetanamela nu.
14Eye fia Herodes see; elabena eƒe ŋkɔ ɖi hoo, eye wòbena: Yohanes mawutsidetanamelae tsi tre tso ame kukuwo dome; eyaŋuti ŋusẽwo le dɔ wɔm le eme. 15Ke bubuwo gblɔ bena: Eliya ye; eye bubuwo bena: Nyagblɔɖilae abe nyagblɔɖilaewo dometɔ ɖeka ene. 16Ke esi Herodes see la, egblɔ bena; Yohanes, si nu metso ta le la, eyae tsi tre tso ame kukuwo dome.
17Ke Herodes ŋutɔe dɔ wòlé Yohanes, eye wobiae de gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ la, ŋuti, elabena eɖee. 18Elabena Yohanes gblɔ na Herodes bena: Womede mɔ na wò bena naxɔ nɔviwò srɔ̃ o. 19Eye Herodia lée de dɔme, eye wòle didim be, yeawui, ke mete ŋui o, 20elabena Herodes vɔ̃ Yohanes, amesi wònya bena, enye ame dzɔdzɔe kple ame kɔkɔe wònye la, eye wòkpɔ eta. Eye ne eɖo toe la, eɖoa xaxa me le nu geɖewo ŋuti, eye eƒe gbesese vivina nɛ. 21Eye le ŋkeke, si dze eƒe dzi ŋu dzi la Herodes tu aglo le eƒe dzigbeŋkeke dzi na eƒe amegãwo kple aʋafia gãwo kpakple Galilea-me ŋkutawo; 22eye esi Herodia vinyɔnuvi la ge de eme, eye woɖu ɣe la, edze Herodes kple amesiwo kpe ɖe eŋuti le kplɔ̃a ŋuti la ŋu; eye fia la gblɔ na nyɔnuvi la bena: Bia nusi ke nèlɔ̃ lam, eye mana wò. 23Eye wòka atam ne bena: Nusi ke nabiam la, mana wò vaseɖe nye fiaɖuƒe la ƒe akpa afã dzi. 24Eye esi wòɖo go yi la, egblɔ na dadaa bena: Nuka mabia mahã? Ke eya gblɔ bena: Bia Yohanes, mawutsidetanamela, ƒe ta. 25Eye enumake wòɖe abla va fia la gbɔ, eye wòbiae gblɔ bena: Meɖi bena, natsɔ Yohanes mawutsidetanamela ƒe ta nam le agba me fifilaasi. 26Eye wòve fia la ŋutɔ; gake la le eƒe atamkaka kple amesiwo le kplɔa ŋuti kpakplii ta la melɔ̃ be, yeagbe enana o. 27Eye enumake fia la dɔ eŋudzɔsrafo ɖeka ɖa, eye wòde se ne be, wòaɖatsɔ eƒe ta ve; 28eye wòyi, eye wòtso ta le enu le gaxɔ me, eye wotsɔ eƒe ta ɖe agba me ve, eye wòtsɔe na nyɔnuvi la, eye nyɔnuvi la tsoe na dadaa. 29Eye esi eƒe nusrɔ̃lawo see la, wova tso eƒe kukua yi ɖaɖi.
Yesu nyi ame 5000.
30Eye apostolowo ƒo ƒu ɖe Yesu gbɔ, eye woxlẽ nusiwo katã wowɔ kple nusiwo wòfiã la nɛ. 31Eye wògblɔ na wo bena: Miva, ne miawo ɖeɖe miayi gbedzi, ne míadzudzɔ mía ɖokui ʋee. Elabena amesiwo le vavam gale yiyim la, wosɔ gbɔ, eye womekpɔ asinu gɔ̃ hã, ne woaɖu nu o. 32Eye woɖo ʋu dzo heyi ɖe gbedzi, woawo ɖeɖe. 33Eye ame gedewo kpo wo woyina, eye wodze si wo, eye wòsi du tso duawo katã me ƒo ƒu heto afɔ yi afima, eye wotre vava na woawo.
34Eye esi Yesu do go la, ekpa ameha gãa de, eye eƒe dome tre de wo ŋuti, elabena wole abe ale, siwo nu kplɔla mele o ene, eye wòde asi nu geɖe tiatia me wo. 35Eye esi wòsusɔ ʋee, ne zã nado la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Teƒe la enye gbedzi, eye zã hã le dodom; 36do mɔ wo, bena ne wòayi ɖe agbleta kple kɔƒe, siwo ƒo xlã mi la me, ne woaƒle nuɖuɖu na wo ɖokui. 37Eye wòxɔ edzi na wo gblɔ bena: Miawo la mina nu wo, ne woaɖu. Eye wogblɔ nɛ bena: Ekema de miayi aɖaƒle abolo denario alafa eve nu, ne miatso ana wo, ne woaɖu mahã? 38Eye wògblɔ na wo bena: Abolo nenie le mia si mahã? Miyi ɖakpɔe ɖa. Eye esi wonyae la, wogblɔ bena: Wo ame atɔ kple tɔmelã eve. 39Eye wòɖo na wo bena, wo katã nanɔ anyi hamehame ɖe gbe mumu la dzi. 40Eye wonɔ anyi hamehame, ɖewo alafa, ɖewo blaatɔ̃. 41Eye esi wòtso abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpa dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye wòŋe aboloawo me, eye wòtso wo na nusrɔ̃lawo, bena woatsa wo aɖo wo ko me, eye wòmã lã eveawo hã me ɖe wo katã dome. 42Eye wo katã woɖu nu, eye woɖi ƒo. 43Eye wofa kakɛ, siwo susɔ la, ɖe kevi wuieve me fũ kple lãwo ƒe ɖe hã. 44Eye amesiwo ɖu aboloawo la, wo nu ano ŋutsu akpe atɔ̃.
Yesu zɔ ƒu dzi.
45Eye enumake wòƒoe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo nu be, woaɖo ʋu, ne wòadze ye ŋgɔ ayi go keme dzi ɖe Betsaida, vaseɖe esime ye ŋutɔ yeaɖe asi le ameha la ŋu. 46Eye esi wòɖe mo na wo megbe la, edzo heyi ɖe to la dzi, be yeado gbe ɖa.; 47Eye esi fiẽsi ɖo la, ʋu la ɖo ƒu titina, eye eya ɖeka susɔ ɖe gota. 48Eye wòkpɔ wo wole fu kpem le ʋuakuku me; elabena ya ƒo le wo kpem Eye ano zã ƒe ŋudzɔɣi enelia me la ele ƒu dzi zɔm gbɔna wo gbɔ, eye wòdi be, yeato wo ŋuti ayi; 49ke esi wokpɔe wòle ƒua dzi zɔm la, wobu xa bena, ŋɔlie, eye wodo ɣli; 50elabena wo katã wokpɔe, eye dzika tso wo ƒo. Ke eƒo nu kpli wo enumake gblɔ bena: Mina miaƒe dzi nadze eme; nyee nye esi, migavɔ̃ o hee! 51Eye woge ɖe nu la me le wo gbɔ, eye ya la dzudzɔ, eye woƒe nu ku ŋutɔ; 52elabena womenya ta le aboloawo nu o, ke boŋ woƒe dzime sẽ.
Yesu yɔ dɔ dɔlélewo.
53Eye wotso ƒu la ɖi go ɖe Genezaret. 54Eye esi wodo go le ʋua me la, enumake wodze sii, 55eye du dzo le afima nutoawo katã me godoo, eye wode asi amesiwo ƒe lãme gblẽ la tsɔtsɔ me ɖe abawo dzi va afisi wose be, ele. 56Eye afisi wòyina ɖo le kɔƒewo alo duwo me alo agbletawo la, wotsɔa dɔlélawo va dana ɖe ablɔwo me, eye woɖea kuku ne bena, yewoade asi eƒe awuto ɖeɖeko ŋu; eye ame alesi nu de asi eŋu ko la, ƒe lãme sẽna.
Currently Selected:
Marko 6: EWERV
Highlight
Share
Copy
![None](/_next/image?url=https%3A%2F%2Fimageproxy.youversionapi.com%2F58%2Fhttps%3A%2F%2Fweb-assets.youversion.com%2Fapp-icons%2Fen.png&w=128&q=75)
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.