Eye esi wòtso abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpa dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye wòŋe aboloawo me, eye wòtso wo na nusrɔ̃lawo, bena woatsa wo aɖo wo ko me, eye wòmã lã eveawo hã me ɖe wo katã dome. Eye wo katã woɖu nu, eye woɖi ƒo. Eye wofa kakɛ, siwo susɔ la, ɖe kevi wuieve me fũ kple lãwo ƒe ɖe hã.