1
Marko 5:34
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Ke egblɔ nɛ bena: Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la de wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!
Compare
Explore Marko 5:34
2
Marko 5:25-26
Eye nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ, eye wokpe fu geɖe tso gbedala geɖewo gbɔ hegblẽ nusiwo katã le esi, gake mele nyonyom nɛ o, ke boŋ wògado gã ɖe edzi wu la
Explore Marko 5:25-26
3
Marko 5:29
Eye enumake eƒe ʋu la nu tso, eye wose le eƒe lãme bena, yeƒe dɔ la vɔ.
Explore Marko 5:29
4
Marko 5:41
Eye wòlé ɖevi la ƒe alɔnu hegblɔ nɛ bena: Talita kumi, si gɔme enye bena: Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!
Explore Marko 5:41
5
Marko 5:35-36
Esi wogale nu ƒom la, du tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va bena: Wò nyɔnuvi la ku; nukaŋuti nègale fu dem na nufiala mahã? Ke esi Yesu se nya, si gblɔm wole la, egblɔ na ƒuƒoƒemegã la bena: Megavɔ̃ o, xɔ se ko.
Explore Marko 5:35-36
6
Marko 5:8-9
Elabena egblɔ nɛ bena: Do go tso ame ta me, wò gbɔgbɔ makɔmakɔ! Eye wòbiae bena: Wò ŋkɔ ɖe? Eye wòɖo eŋu nɛ bena: Nye ŋkɔe nye Legio; elabena mi ame geɖewoe.
Explore Marko 5:8-9
Home
Bible
Plans
Videos