Marko 5
5
Yesu ɖa gbe le gbɔgbɔ vɔ̃ tɔa ɖa ŋu.
1Eye wòva ɖo ƒu la godo le Gadaratɔwo ƒe anyigba dzi. 2Eye esi wòdo go le ʋu la me la, amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, do go tso yɔdowo me va kpee, 3amesi ƒe nɔƒe nye yɔdowo me, eye amea ɖeke mete ŋu blane kple kɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hã o; 4elabena enuenu woɖea kunyowu eƒe afɔwo, eye woblanɛ kple kɔsɔkɔsɔwo, ke etsoa kɔsɔkɔsɔawo, eye wòŋea kunyowuawo, eye amea ɖeke metea ŋu nana eƒe mo fana o. 5Eye ɖaa zã kple keli wonoa yɔdowo me kple towo dzi henɔa ɣli dom, eye wònɔa kpe xlãm ɖe eɖokui. 6Eye esi wòkpɔ Yesu le adzɔge ke la, eƒu du va dze klo nɛ; 7eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ bena: Nya kae le mía kpli wò dome, Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi! Meta Mawu na wò bena, megawɔ funyafunyam o. 8Elabena egblɔ nɛ bena: Do go tso ame ta me, wò gbɔgbɔ makɔmakɔ! 9Eye wòbiae bena: Wò ŋkɔ ɖe? Eye wòɖo eŋu nɛ bena: Nye ŋkɔe nye Legio; elabena mi ame geɖewoe. 10Eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋutɔ bena, wòaganyã yewo tso afima nutoawo me o. 11Ke aƒehawo ƒe ha gãa ɖe le afima le gbe ɖum le to la dzi. 12Eye wode kuku nɛ gblɔ bena: Dɔ mí ɖe hawo me, ne míayi ɖe wo me. 13Eye wòna mɔ wo. Eye esi gbɔgbɔ makɔmakɔawo do go la, woyi ɖe hawo me. Tete hawo katã si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu lãme, wo nu anɔ akpe eve, eye wono tsi ku ɖe ƒu la me. 14Eye amesiwo le wo kplɔm la si, eye woyi ɖaxlẽe fia le dua me kple agbletawo. Eye wodo go va nusi wònye va ve me la, kpɔ ge ɖa. 15Eye wova Yesu gbɔ, eye wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe legio nɔ la, le anyinɔƒe, eye wòta avɔ, eye eƒe mo kɔ, eye wovɔ̃. 16Eye amesiwo kpɔe la, woxlẽ nusi wòwɔ na amesi me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ la, kple hawo ŋutinya hefiã wo. 17Eye wode asi kukuɖeɖe me nɛ bena, woadzo le yewoƒe nutoawo me. 18Eye esi wòɖo ʋu la, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ la, ɖe kuku nɛ bena, yeana eŋuti, 19Eye mena mɔe o; ke egblɔ nɛ bena: Heyi aƒewò me ɖe tɔwòwo gbɔ, eye naxlẽ nusianu, si Aƒetɔ la wɔ na wò kple alesi wòkpɔ nublanui na wò la, afia wo. 20Eye wòdzo yi hede asi gbeƒãɖeɖe me nusianu, si Yesu wɔ nɛ la le Dekapoli; eye wo katã wotsi yaa. 21Eye esi Yesu ɖo ʋu gatso ƒua va egodo la, ameha gãa ɖe ƒo ƒu ɖe eŋuti, eye wònɔ ƒu la nu.
Yesu da gbe le nyɔnu ʋusisidɔléla kple Yairo vinyɔnuvi ŋuti.
22Eye ƒuƒoƒe la ƒe amegãwo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Yairo la, va, eye esi wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu, 23eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋuta gblɔ bena: Vinyenyɔnuvi ɖo kudo nu, va ne natsɔ wò asi ada de edzi, bena eƒe lãme nasẽ, eye wòatsi agbe. 24Eye wòyi kplii, eye ameha gãa de dze eyome ale be, womimii do.
25Eye nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ, 26eye wokpe fu geɖe tso gbedala geɖewo gbɔ hegblẽ nusiwo katã le esi, gake mele nyonyom nɛ o, ke boŋ wògado gã ɖe edzi wu la, 27esi wose Yesu ŋkɔ la, eva dze amehawo le emegbe, eye wòde asi eƒe awu ŋuti; 28elabena egblɔ bena: Ne mede asi eƒe awu ŋu ko la, nye lãme asẽ. 29Eye enumake eƒe ʋu la nu tso, eye wose le eƒe lãme bena, yeƒe dɔ la vɔ. 30Eye enumake Yesu dze sii le eɖokui me bena, ŋusẽ do go tso ye me, eye wòtrɔ de ameha la gbɔ gblɔ bena: Amekae de asi nye awu ŋu mahã? 31Eye eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Ekpɔ be, ameha la mimi wò ɖo tso, hafi nèle gbɔgblɔm bena: Amekae ɖe asi ŋunye mahã? 32Eye wotsa ŋku godoo, bena yeakpɔ amesi wɔ esia. 33Ke nyɔnu la le vɔvɔ̃m, eye wòle dzodzom nyanyanya; elabena enya nusi wòwɔ nɛ, eye wòva dze klo nɛ, eye wògblɔ nyateƒe blibo katã nɛ. 34Ke egblɔ nɛ bena: Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la de wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!
35Esi wogale nu ƒom la, du tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va bena: Wò nyɔnuvi la ku; nukaŋuti nègale fu dem na nufiala mahã? 36Ke esi Yesu se nya, si gblɔm wole la, egblɔ na ƒuƒoƒemegã la bena: Megavɔ̃ o, xɔ se ko. 37Eye mede mɔ na amea ɖeke be, wòadze eyome o, negbe Petro kple Yakobo kple Yohanes, Yakobo nɔvi la ko. 38Eye wòva ƒuƒoƒemegã la ƒe me, eye wòkpɔ amesiwo le ʋunyaʋunya wɔm, eye wole avi fam le ɣli dom sesĩe la, le afima. 39Eye esi wòge de aƒea me la, egblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele ʋunyaʋunya wɔm hele avi fam ale? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle. 40Eye wokoe. Ke esi wonyã wo katã do goe la, èkplɔ ɖevia fofoa kple dadaa kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, eye wòyi afisi ɖevi la mlɔ. 41Eye wòlé ɖevi la ƒe alɔnu hegblɔ nɛ bena: Talita kumi, si gɔme enye bena: Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre! 42Eye enumake nyɔnuvi la tsi tre, eye wozɔ azɔli; elabena exɔ ƒe wuieve, eye wolulu ŋutɔ. 43Eye wogbe nya na wo vevie bena, amea ɖeke naganyae o; eye wòbena, woana nanee, ne wòaɖu.
Currently Selected:
Marko 5: EWERV
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.