Marko 4
4
Yesu do lo vovovowo le mawufiaɖuƒe la ŋu.
1Eye wògade asi nufiafia me le ƒua nu, eye ameha gã ŋutɔ ƒo ƒu ɖe eŋu ale bena, wòyi ɖe ʋu me, eye wòbɔbɔ nɔ eme le ƒua dzi, ke ameha la katã le ƒua nu. 2Eye wolia nu geɖewo le lododowo me, eye wògblɔ na wo le eƒe nufiafia me bena: 3Miɖo to! Kpɔ ɖa, nukuwula ɖo go yi nuku wu ge; 4eye wòva ve me bena, esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va mi wo. 5Eye bubu ge ɖe kpenyigba dzi, afisi mekpɔ anyi geɖe le o; eye wòdo nu ɖa enumake, elabena mekpɔ anyi sɔ gbɔ o; 6eye esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖui; eye esi ke meli nɛ o ŋuti la, eyrɔ. 7Eye bubu ge ɖe ŋuwo me; eye ŋuwo mie, eye wovu tsyɔ edzi, eye metse ku o. 8Eye bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye esi womie la, wotsi, eye wotse, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, eye ɖewo alafa. 9Eye wògblɔ bena: Amesi to senu li nɛ la, nesee!
10Eye esi wòsusɔ eya ɖeka ɖi la, amesiwo kpe ɖe eŋuti kple ame wuieve la, wòbia lo la gɔme. 11Eye wògblɔ na wo bena: Miawo la wona mawufiaɖuƒe la ƒe nuɣaɣla mi; ke ame mawo, siwo le egodo la, wona nuwo katã wo le lododowo me, 12bena amesiwo le nu kpɔm la, nakpɔ nu, ke womagadze sii o; eye amesiwo le nu sem la, nase nu, ke womagase egɔme o, bena woagatrɔ, ne woatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo o. 13Eye wògblɔ na wo bena: Ne miese lo sia gɔme o la, aleke lawɔ, eye mianya lododoawo katã gɔme mahã? 14Nukuwula le nya la wum. 15Ke esiawo nye amesiwo le mɔ to, afisi wowu nya la ɖo; eye ne wosee ko la, enumake Satana vana, eye wotsɔa nya, si wowu ɖe wo me la, yinɛ. 16Ke esiwo wowu ɖe kpenyigba dzi la, wonye amesiwo, ne wose nyaa la, woxɔnɛ enumake kple dzidzɔ; 17eye ke meli na wo o, eye wonɔa anyi ʋee ko; ke ne fukpekpe kple yometiti va le nya la ŋuti la, enumake wozua nuɖiaɖia na wo. 18Eye bubu, siwo wowu ɖe ŋuwo dome la, woawo nye amesiwo sea nya la, 19eye xexeame ƒe agbagbadzedzewo kple kesinɔnu ƒe beble kpakple nu mamleawo ƒe amedzodzro yina ɖe wo me, eye wotsyɔa nya la dzi, eye wotsia matsematse. 20Eye esiwo wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, woawo nye amesiwo sea nya la, eye woxɔnɛ, eye wotsena, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, ɖewo alafa.
21Eye wògblɔ na wo bena: Ɖe wotsɔa akaɖi vanae, be woada ɖe afianu alo abati te mahã? Alo menye be woatsɔe ada ɖe akaɖiti dzi oa? 22Elabena naneke mele ɣaɣla o, negbe ɖeko wòaɖee ɖe go afia; eye womewɔ naneke hã le vivi me o, ke boŋ bena wòava kekeli me! 23Amesi to senu li nɛ la, nesee. 24Eye wògblɔ na wo bena: Milé to ɖe nusi Sem miele la ŋuti; dzidzenu, si mietsɔ dzidze nui la, eya ke woatsɔ adzidze nui na mi, eye woade edzi na mi. 25Elabena amesi ke si nu le la, woana nui; ke amesi si nu mele o la, nusi le esi la, woaxɔ eya hã le esi.
26Eye wògblɔ bena: Mawufiaɖuƒe lã le ale, abe alesi ame tsɔa nuku dea anyigbatu me ene; 27eye wòdɔa alɔ, eye wòfɔna zã kple keli, eye nuku la miena, eye wòtsina ale bena, eya ŋutɔ menyanɛ o. 28Anyigba la na nuku wɔna le eɖokui si; gbã ewɔa togba, ekema liŋɔ, emegbe la kutsetse blibo noa liŋɔ la me. 29Ke ne kutsetse la ɖi la, enumake edoa nuŋehɛ ɖa; elabena nuŋeɣi la ɖo.
30Eye wògblɔ bena: Nuka ŋu miatsɔ mawufiaɖuƒe la aɖoe mahã? Alo lo ka woaɖo le eŋuti mahã? 31Ele abe logoku ene, esi ne woƒãe ɖe anyigba me la, ele sue wu atiku, siwo katã le anyigba la dzi; 32eye ne woƒãe la, emiena, eye wòva lolona wua abɔ me tiwo katã, eye wòɖea alɔ gãwo nenem bena, dziƒoxeviwo ate ŋu adze ɖe eƒe vɔvɔli me.
33Eye wògblɔ nya fia wo le lododo sia ƒomevi geɖewo me, abe alesi wòanya se na wo ene. 34Eye ne menye lododowo o la, meƒoa nu na wo o; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gome fia wo.
Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi.
35Eye le nenem ŋkeke ma dzi, esi fìẽsi ɖo la, egblɔ na wo bena: Mina ne míayi go keme dzi. 36Eye esi wogblẽ ameha la ɖi la, wokui yi, abe alesi wòle ʋu la me ene; eye ʋu bubuwo hã kpe ɖe eŋuti. 37Eye ahom sesẽa ɖe va tu, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe ʋu la me, ale bena ʋu la de asi yɔyɔ me. 38Ke eya ŋutɔ le ʋu gome, Zia suɖi le alɔ̃ dom, eye wonyae gblɔ nɛ bena: Nufiala, ɖe miaƒe tsɔtsrɔ̃ metsɔ gbɔwò nya o mahã? 39Eye esi wònyɔ la, eblu ɖe ya la ta, eye wògblɔ na ƒu la bena: Zi ɖoɖoe, dze anyi! Tete ya la dzudzɔ ƒoƒo, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi. 40Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wo mievɔ̃ ale? Ɖe xɔse mele mia si o mahã? 41Eye wovɔ̃ geɖe ŋutɔ, eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia bena, ya kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe mahã?
Currently Selected:
Marko 4: EWERV
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.