Marko 3
3
Yesu da gbe le amea ɖe, si titi lé asi nɛ la ŋu le Sabat dzi.
1Eye wògayi ɖe ƒuƒoƒe, eye amea ɖe le afima, si titi lé asi na. 2Eye wole ŋudzɔ nɛ be, aɖa gbe le eŋu le Sabat dzi loo, bena yewoatso enu. 3Eye wògblɔ na amesi titi lé asi na la bena: Tsi tre ɖe titina. 4Eye wòbia wo bena: Ɖe woɖe mo bena, woawo nu nyui alo woawo nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe ame, alo woawui mahã? Ke woawo zi kpi. 5Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo. 6Tete farisitɔwo do go enumake kple Herodiahawo, eye wode adaŋu le eyama ŋuti, alesi woawɔ awui.
Yesu yɔ dɔ gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ geɖewo.
7Eye Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖa yi ƒu la nu; eye ameha gã tso Galilea kple Yudea va dze eyome. 8Eye esi wose nusiwo wòwɔ la, ameha gãa ɖe tso Yerusalem kple Idumea kple Yordan godo kpakple Tiro kple Zidon-nutoawo meva egbɔ. 9Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena, woadzra ʋuvi la do na ye le ameha la ŋuti bena, ne woagamimi ye ɖo o; 10elabena eda gbe le ame geɖewo ŋuti ale bena, ame geɖe alesinu le veve sem la, te ɖe edzi, bena yewoade asi eŋu. 11Eye gbɔgbɔ makɔmakɔwo, ne wokpɔe ko la, wodzea klo ɖe ekɔ me, eye woɖoa ɣli gblɔna bena: Wòe nye Mawuvi la. 12Eye wogbe nya na wo vevie ŋuta bena, ne woagana wòanya ye o.
Yesu tia eƒe nusrɔ̃la wuieveawo.
13Eye wòyi ɖe to la dzi, eye wòyɔ amesiwo ye ŋuta le didim la, va egbɔe, eye woyi egbɔ. 14Eye wòɖo ame wuieve, bena woanɔ ye ŋuti, eye bena yeadɔ wo aɖo ɖa woaɖaɖe gbe ƒã, 15eye bena ŋusẽ nanɔ wo si hena gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyà do goe. 16Eye wòdo ame wuieveawo, Simon, eyae wòna ŋkɔe bena Petro, 17Yakobo, Zebedeo vi la, kple Yohanes, Yakobo nɔvi la, eye wòna ŋkɔ woawo bena Boanerges, si gɔme enye dziɖegbeviwo; 18Andrea kple Filipo, Bartolomeo kple Toma, Yakobo, Alfeo vi la, Tadeo, Simon, Kananitɔ la, 19kpakple Yuda Iskariot, si fia eyome mɔ la hã.
Yesu ƒo ŋu le nuvɔ̃wɔwɔ de Gbɔgbɔ kɔkɔe ŋu ƒe tohehe ŋu na agbalẽfialawo.
20Eye wòva aƒe me. Eye ameha la gale ƒu ƒom ale bena, womete ŋu ɖu abolo gɔ̃ hã o. 21Eye esi etowo see la, wodo go yi ele ge; elabena wogblɔ be: Eƒe tame da!
22Eye agbalẽfiala, siwo tso Yerusalem va la, gblɔ bena Beelzebul le eme, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi. 23Eye esi wòyɔ wo va egbɔ la, eƒo nu na wo le lododowo me bena: Aleke Satana ate ŋu anyã Satana ado goe mahã? 24Eye ne fiaduƒe mã de ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema fiaduƒe ma mate ŋu anɔ anyi o. 25Eye ne aƒe mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema aƒe ma mate ŋu anɔ anyi o. 26Eye ne Satana tsi tre ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema emã, eye emate ŋu anɔ anyi o, ke boŋ enu lava tsi. 27Amea ɖeke mate ŋu ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe me, eye wòaha eƒe aƒemenuwo o; negbe ɖeko woabia ŋusẽtɔ la gbã hafi aha eƒe aƒe. 28Vavã mele egblɔm na mi bena: Woatsɔ amegbetɔviwo ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔna, kple busunya, siwo wogblɔna la, ake wo; 29ke amesi agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu la, makpɔ tsɔtsɔke vaseɖe mavɔmavɔ me o; ke boŋ enyi nuvɔ̃ mavɔmavɔ ƒe fe; 30elabena wogblɔ be: Gbɔgbɔ makɔmakɔ le eme.
Amesiwo nye Yesu ƒe ƒometɔ vavãwo.
31Eye dadaa kple nɔviawo va afima, eye wole tsi tre le xexe, da ame ɖe egbɔ be, woayɔe ɖa. 32Eye ameha la le anyinɔƒe ƒo xlãe. Eye wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, dawò kple nɔviwòŋutsuwo kpakple nɔviwònyɔnuwo le xexe le diwòm. 33Eye wòɖo ŋu na wo bena: Amekawo nye danye kple nɔvinyewo mahã? 34Eye esi wòkpɔ amesiwo le anyinɔƒe ƒo xlãe dzi godoo la, egblɔ bena: Mikpɔ danye kple nɔvinyewo ɖa! 35Amesi ke awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, eya kee nye nɔvinyeŋutsu, ganye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.
Currently Selected:
Marko 3: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.