Marko 2
2
Gbedada le lãmetututɔa ɖe ŋu.
1Eye esi wògayi ɖe Kapernaum le ŋkekea ɖewo megbe la, wose bena, ele aƒea me. 2Eye ame geɖewo ƒo ƒu ale bena, womegakpɔ nɔƒea ɖeke le ʋɔtrua nu hã o, eye wògblɔ nya na wo. 3Eye ame ene tso lãmetututɔa ɖe gbɔna va egbɔ. 4Eye esi womete ŋu te va egbɔ le ameha la ŋuti o la, woyi ɖaɖe mɔ ɖe xɔ, si me wòle la tame, eye esime woŋɔe vɔ la, woɖiɖi aba, si dzi lãmetututɔ la mlɔ la, ɖe anyi. 5Eye esi Yesu kpo woƒe xɔse la, egblɔ na lãmetututɔ la bena: Vinye, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò. 6Ke agbalẽfialaa ɖewo bɔbɔ nɔ anyi ɖe afima, eye wole ɖi kem le woƒe dzi me bena: 7Aleke wo amesia ƒo nu alea? Egblɔ busunya, ameka ate ŋu atso nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko o mahã? 8Eye enumake esi Yesu dze sii le eƒe gbɔgbɔ me bena, wole ɖi kem le woa nutowo ɖokui me ale la, egblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele nusiawo ƒe ɖi kem le miaƒe dzi me mahã? 9Kae bɔbɔ wu? Be woagblɔ na lãmetututɔ la bena: Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre natsɔ wò aba, eye nazɔ azɔli mahã? 10Ke ne mianyae bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi, — egblɔ na lãmetututɔ la bena: 11Mele egblɔm na wò bena: Tsi tre, tso wò aba, ne nayi aƒewò me. 12Tete wòtsi tre, eye enumake, esi wòtsɔ eƒe aba la, edo go le wo katã ƒe ŋku me nenem bena, kuvia ɖo wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Miekpɔ ale nusiawo tɔgbe kpɔ o.
Yesu yɔ Mateo.
13Eve wògayi ɖe ƒu la nu, eye ameha la katã va egbɔ, eye wòfiã nu wo. 14Eye esi wòto afima yina la, ekpa Lewi, Alfeo vi la, bɔbɔ nɔ anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Tete wòtsi tre dze eyome. 15Eye wòva ve me bena, esi wòle kplɔ̃a ŋu le eƒe me la, nudzɔla kple nuvɔ̃wɔla geɖewo bɔbɔ nɔ anyi kple Yesu kpakple eƒe nusrɔ̃lawo, elabena ame geɖe wonye dze eyome. 16Ke esi farisitɔwo dome agbalẽfialawo kpɔ bena, ele nu ɖum kple nuvɔ̃wɔlawo kpakple nudzɔlawo la, wogblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke wo bena, woɖua nu, eye wonoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã? 17Eye esi Yesu see la, egblɔ na wo bena: Menye lãmesesẽtɔwoe hiãa gbedala o, negbe dɔlélawo ko; nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko.
Le nutsitsidɔ ŋuti.
18Eye Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple farisitɔwo tsia nu dana; eye wova gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple farisitɔwo ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dona, eye wò nusrɔ̃lawo ya metsia nu dona o mahã? 19Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ la, womate ŋu atsi nu adɔ o. 20Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ; ekema woatsi nu adɔ le ŋkeke ma dzi. 21Amea ɖeke metsɔa avɔ matakpɔ ƒe nuɖeɖi kaa avɔ xoxo o; ke ne menye nenem o la, ava yeye, si wotso kae la, aho avɔ xoxo la ɖe eɖokui ŋu, eye eƒe vuvu awu tsãtɔ. 22Eye amea ɖeke metsɔa aha yeye dea lãgbalẽgolo xoxowo me o: ke ne menye nenem o la, aha yeye la awo lãgbalẽgoloawo, eye aha la kple lãgbalẽgoloawo siaa agblẽ; ke wotsoa aha yeye dea lãgbalẽgolo yeyewo me.
Nusrɔ̃lawo tugu lu le Sabat dzi.
23Eye wòva ve me bena, eyi ɖato lugbleawo me le Sabat dzi, eye le woƒe yiyi me la eƒe nusrɔ̃lawo de asi lutiawo ŋeŋe me. 24Eye farisitɔwo gblɔ nɛ bena: Kpɔ da, wowɔ nusi mele sea nu o la le Sabat dzi! 25Eye wògblɔ na wo bena: Alo miexlẽ nusi Dawid wɔ la kpɔ o, esime hiã tui, eye dɔ wu eya kple amesiwo kpe de eŋuti la o mahã? 26Alesi wòyi ɖe mawuxɔ la me, le esime Abyatar enye nunɔlagã, eye woɖu ŋkumeɖobolo, si womeɖe mo le ŋuti nɛ be, woaɖu o, negbe nunɔlawo ko, eye wòna amesiwo kpe ɖe eŋuti la o mahã? 27Eye wògblɔ na wo bena: Wowɔ Sabat le ame ta, eye menye ame le Sabat ta o; 28eyaŋuti Amegbetɔvi lae nye Sabat hã dzi Aƒetɔ.
Currently Selected:
Marko 2: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.