Marko 7
7
Yesu ƒo nu le nuɖuɖu kple asi maklɔmaklɔ ŋuti.
1Eye farisitɔwo kple agbalẽfialaa ɖewo, siwo tso Yerusalem va la, ƒo ƒu ɖe egbɔ. 2Eye wokpɔ bena, eƒe nusrɔ̃laa ɖewo le abolo ɖum kple asi ƒoɖi, egɔme nye asi maklɔmaklɔe la; 3elabena farisitɔwo kple Yudatɔwo katã la, ne womeklɔ asi nyuie o la, womeɖua nu o; ale wonɔa ŋku lém ɖe amegãwo ƒe ko la ŋuti vevie; 4eye ne wotso asi me gbɔ la, ne womele tsi o la, womeɖua nu o, eye nu bubu geɖewo li, siwo ŋuti woléa ŋku ɖo le tsikpluwo kple zewo kple ganuwo kɔklɔ la me. — 5Eye farisitɔwo kple agbalẽfialawo biae bena: Nukaŋuti wò nusrɔ̃lawo mezɔna le amegãwo ƒe koa nu o, ke boŋ woɖua abolo asi maklɔmaklɔe mahã? 6Eɖo ŋu na wo bena: Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mi alakpatɔwo ŋuti, abe alesi woŋlɔe ɖi ene bena: „Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. 7Ke dzodzroe wole subɔyem, hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiãm.“ 8Miegblẽ Mawu ƒe se la ɖi, eye mielé amewo ƒe kɔnyinyi me ɖe asi le zewo kple kplu wo kɔklɔ me; eye nu bubu geɖe, siwo le abe esiawo ene la, miewɔna. 9Eye wògblɔ na wo bena: Mieɖe Mawu ƒe se la ɖa nyuie, bena mianyi mia ŋutɔwo ƒe kɔ. 10Elabena Mose gblɔ bena: „Bu fofowò kple dawo; eye amesi ke gblɔa nya vɔ̃ ɖe fofoa kple dadaa ŋuti la, ku ke woaku;“ 11ke miawo la miegblɔ be: Ne amea ɖe lagblɔ na fofoa alo dadaa bena: Nusi ke nate ŋu akpɔ tso gbɔnye la, nanye korban (esi gome enye nunana na Mawu), 12miena mee be, wòagawɔ naneke na fofoa alo dadaa o; 13eye miena Mawu ƒe nya la tsi mabumabu le miaƒe ka, si mieɖo anyi la ŋuti; eye nusiawo tugbe geɖe miewɔna.
14Eye wògayɔ ameha la va egbɔ, gblɔ na wo bena: Mi katã miɖo tom, ne miase nu gome. 15Naneke meli, si atso gota ayi ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖii o; ke boŋ nusiwo le go dom tso ame me la, woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame. 16Ne amea ɖe to senu ti nɛ la, nesee! 17Eye esi wòdzo le ameha la gbɔ yi ɖe aƒe me la, eƒe nusrɔ̃lawo bia lo la gɔmee. 18Eye wògblɔ na wo bena: Ale miawo hã mienye ame masenugɔmewoe nye esi mahã? Alo miedze sii kpɔ bena, nusianu, si tsoa gota yina ɖe ame me la, mate ŋu aƒo ɖii o; 19elabena menye eƒe dzi me wòyina ɖo o, hafi boŋ eƒe dɔ me wòyina ɖo, eye wòɖadena ɖe kpɔxa, le esia me nuɖuɖuawo katã ŋuti kɔna lena o mahã? 20Eye wògblɔ bena: Nusi ke doa go tsoa ame me la, eya ƒoa ɖi ame. 21Elabena tso ame ƒe dzi me ke nu vɔ̃ɖi susuwo doa go tsona, matrewɔwɔwo, fififiwo, amewuwuwo, 22ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, beble, ahiãdzedze, ŋku vɔ̃ɖi, busubɔbɔ, dàda, movidzɔdzɔ; 23nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tsoa eme ke, eye woƒoa ɖi ame.
Yesu da gbe le Kanaan-nyɔnu la ƒe vinyɔnuvi la ŋu.
24Eye wòdzo le afima heyi ɖe Tiro-nutoawo me. Eye wòyi ɖe aƒea ɖe me, eye melɔ̃ be, amea ɖeke nanyae o, ke mete ŋu ɣla eɖokui o. 25Elabena nyɔnua ɖe, si gbɔgbɔ makɔmakɔ le vianyɔnuvi me la, se eŋkɔ, eye wòva dze klo ɖe eƒe afɔ nu. 26Ke nyɔnu la nye Helatɔ, si wodzi le Sirofoinike; eye wòɖe kuku nɛ bena, wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la aɖo goe tso vianyɔnuvi la me. 27Eye wògblɔ nɛ bena; Na ɖeviwo naɖi ƒo gbɔ; elabena menyo bena, woatsɔ ɖeviwo ƒe abolo aƒu gbe na avũviwo o. 28Ke eya xɔ edzi gblɔ ne bena: Yoo, Aƒetɔ! Gake avũvi, siwo le kplɔ̃ te la, ɖua ɖeviwo ƒe abolo wuwluiwo tso. 29Eye wògblɔ nɛ bena: Le nya sia ŋuti la heyi; gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso viwònyɔnuvi la me. 30Eye esi wòdzo va eƒe me la, ekpɔ ɖevi la mlɔ aba dzi, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la do go.
Yesu da gbe le aɖetututɔa ɖe ŋu.
31Esi wògado go tso Tiro-nutoawo me la, etso Sidon heto Galilea-ƒu la nu heva Dekapoli-nutoawo me ke. 32Eye wotsɔ amea ɖe, si nye tokunɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ bena, wòatsɔ eƒe asi ada ɖe edzi. 33Eye wotsɔ eyama heƒo asae tso ameha la gbɔ, eye wotsɔ eƒe asibidewo ƒo ɖe eƒe to me, eye wòɖe ta ɖo eƒe aɖe nu; 34eye esi wòle dziƒo kpɔm la, eɖe hũ, eye wògblɔ ne bena. „Hefata“, si gɔme enye: Ʋua! 35Tete eƒe to la ʋu, eye enumake eƒe aɖeka hã ɖɔ ɖo, eye wòƒo nu nyuie. 36Eye wòde se na wo bena, woagatoe na amea ɖeke o; ke geɖe alesi wòde se na wòe la, geɖe wu woyi ɖakakae. 37Eye kuvia ɖo wo ŋutɔ, eye wole gbɔgblɔm bena: Ewɔ nuwo katã nyuie, ena tokunɔwo sea nu, eye aɖetututɔwo hã ƒoa nu.
Currently Selected:
Marko 7: EWERV
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.