Petro II 3
3
Aƒetɔ la ƒe vava ƒe heheɖemegbe ƒe nyateƒenyenye kple xexeame ƒe nuwuwu.
1Lɔlɔ̃tɔwo, esia nye agbalẽ evelia xoxo, si meŋlɔ ɖo ɖe mi, eye metsɔ ŋkuɖoɖonudzi nyɔ miaƒe tamesusu, si me kɔ la le wo me, 2bene miaɖo ŋku nya, siwo nyagblɔɖila kɔkɔeawo gblɔ ɖi tsã la, kple Aƒetɔ kple xɔla ƒe se, si wòde to miaƒe apostolowo dzi la dzi. 3Minya esia gbã bena, le ŋkeke mamleawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu, 4eye woagblɔ bena: Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso esime fofoawo dɔ alɔ̃ la, nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la me. 5Elabena ɖe woɣlae ɖe wo, esi wole edim nenema, bena dziƒowo li tso blema ke, eye anyigba hã li hedo tso tsi me, eye wòto tsi me le Mawu ƒe nya nu; 6nusiawo na tsiɖɔɖɔ yɔ xexe kema me, eye wotsrɔ̃. 7Ke wotsɔ nya ma ke dzra fifi dziƒo kple anyigba la ɖo, eye woda wo ɖi na dzo, vaseɖe ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi. 8Ke, lɔlɔ̃tɔwo nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, te Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã abe ŋkeke ɖeka ene. 9Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.
10Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.
Alesi kristotɔwo nadzra wo ɖokui ɖo nu Kristo ƒe vava evelia.
11Azɔ esi woalólo nusiawo katã la, ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, 12eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie, le esime woalólo dziƒo le dzo me, eye gɔmedzenuwo hã lalólo le dzoxɔxɔ gã me mahã? 13Ke miele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.
14Eyata, lɔlɔ̃tɔwo, esi miele nusiawo lalam ŋutilã, mido vevie, bena woakpɔ mi le ŋutifafa me ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui le eƒe ŋku me, 15eye mibu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔgbɔ blewu la bena, enye mia xɔxɔ, abe alesi mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ Paulo hã ŋlɔ ɖo ɖe mi le eƒe nunya, si wonae la nu ene, 16abe alesi wòƒo nu le nusiawo ŋuti le eƒe agbalẽwo katã me la ene, esiwo me nyaa ɖewo ƒe gɔmesese nye ɖo la le, nya, siwo ame masrɔ̃nuwo kple ame malikewo trɔna, abe alesi wowɔa ŋɔŋlɔ bubuawo hã hena woa ŋutɔwo ƒe gbegblẽ la ene.
Nuwunya.
17Azɔ la, mi lɔlɔ̃tɔwo, esi mienya nusiawo ɖi ŋuti la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene ame gblẽkuwo ƒe beble nagahe mi ayii o, eye mìagadze anyi atso mia ŋutɔwo miaƒe kelili la me o. 18Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.
Currently Selected:
Petro II 3: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.