1
Petro II 3:9
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.
Compare
Explore Petro II 3:9
2
Petro II 3:8
Ke, lɔlɔ̃tɔwo nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, te Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã abe ŋkeke ɖeka ene.
Explore Petro II 3:8
3
Petro II 3:18
Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.
Explore Petro II 3:18
4
Petro II 3:10
Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.
Explore Petro II 3:10
5
Petro II 3:11-12
Azɔ esi woalólo nusiawo katã la, ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie, le esime woalólo dziƒo le dzo me, eye gɔmedzenuwo hã lalólo le dzoxɔxɔ gã me mahã?
Explore Petro II 3:11-12
Home
Bible
Plans
Videos