YouVersion Logo
Search Icon

Petro II 2

2
Nuxɔxlɔ̃ le aʋatsonufialawo ŋuti.
1Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi. 2Eye ame geɖewo adze woƒe hadzenuwɔwɔwo yome, amesiwo ta woagblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti ɖo, 3eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o. 4Elabena ne Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃; 5eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi; 6eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi, eye wòbu fɔ wo to wo tɔtrɔtsyɔanyi me, eye wotsɔ wo ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me; 7eye wòɖe Lot dzɔdzɔetɔ, si ŋu ame gblẽkuwo ƒe hadzedzegbenɔnɔ sẽ ŋuta le la, tso me; — 8elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome, eye wòkpɔ, eye wòse woƒe dɔwɔwɔ, siwo mele sea nu o la, ewɔa fu eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la gbesiagbe; — 9ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo; 10ke vevietɔ amesiwo zɔna le ŋutilã nu le makɔmakɔnyenye ƒe nudzodzro la me, eye wodoa vlo aƒetɔnyenye la. Ame mabunuwo, ɖokuiŋudzelawo kple amesiwo medzona nyanyanya, ne wogblɔ busunya ɖe ŋutikɔkɔewo ŋuti la o, 11wònye mawudɔlawo nye gatɔwo wu le ŋutete kple ŋusẽ me hafi; gake womehe busufɔbubu vɛ ɖe wo ŋuti le Aƒetɔ la ŋku me o. 12Ke amesiawo le abe lã nyasã manɔsitɔ, siwo wodzi hena lelé kple tsɔtsrɔ̃ le woƒe dzɔdzɔme nu la ene: Wogblɔa busunya le nya, siwo womenya kura o la me, eye woatsrɔ̃ hã le woƒe gbegblẽ la me, 13eye woaxɔ madzɔmadzɔnyenye ƒe fetu. Amesiwo bua gbesiagbe ƒe aglotutu dzidzɔnui, ɖiƒoƒo kple ŋukpe wonye, eye wotsɔa nusiwo wokpɔ to woƒe amebeble me la, ɖua nu tsui, eye wotua aglo kpli mi; 14ŋku, siwo yɔ taŋ kple ahasiwɔwɔ, eye nuvɔ̃wɔwɔ metea ŋu ɖia kɔ na wo o la, li na wo; wòblea luʋɔ, siwo meli ke o la, vaa wo ɖokui gbɔ; dzi, si ŋukeklẽ ma ŋutɔ la, li na wo, eye fiƒodeviwo wonye. 15Esime wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi la, wotre mɔ, eye wodze Bileam, Beor vi, amesi lɔ madzɔmadzɔnyenye ƒe fetu la yome; 16ke ekpɔ mokaka le eƒe dzidada la ŋuti: Dɔwɔlã maƒonu la tsɔ ame ƒe gbe ƒo nu, eye woxe mɔ na nyagblɔɖila la ƒe lãnuwɔwɔ. 17Amesiwo nye tsivudo, siwo me tsi mele o, kple alilikpo, siwo ahom ƒona yina gbɔna, amesiwo wodzra viviti tsiɖitsiɖi la ɖo ɖi na yi ɖe mavɔmavɔ me. 18Elabena esi wogblɔ yakanya lolo gãwo la, wotsɔ ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple hadzedze vɔ̃wo ble amesiwo si fifi laa tso mɔtrelawo gbɔ. 19Eye wodo ablɔɖenyenye ŋugbe na wo, wònye woa ŋutɔwo la gbegblẽ ƒe dɔlawo wonye hafi: elabena amesi ɖu amea ɖe dzi la, eya ke wɔnɛ kluvi. 20Elabena ne wosi le xexeame ƒe makɔmakɔnyenye nu to sidzedze Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo me, eye wona wogalé wo le nu mawo ke me, eye wogaɖu wo dzi la, ekema woƒe anyinɔnɔ mamletɔ zu vɔ̃ na wo wu tsãtɔ. 21Elabena ɖe womedze si dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o la, ne enyo na wo wu esi wodze sii, eye gake wogagbugbɔ tso sedede kɔkɔe, si wode asi na wo la gbɔ. 22Eva me na wo le nyateƒe lododo la nu bena: „Avũ gbugbɔ yi ɖe ye ŋutɔ ƒe xeɖeɖe la gbɔ,“ eye „ha, si wole tsi na la, le mimlim yina ba me.“

Currently Selected:

Petro II 2: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in