Yohanes I 1
1
Le agbe la ƒe nya kple hadede kple Mawu to ŋutikɔklɔ tso nuvɔ̃ me ŋuti.
1Nusi li tso gɔmedzedzea me, nusi miese, nusi míekpɔ kple míaƒe ŋkuwo, nusi míekpɔ kɔte, eye míeƒo asii kpɔ, le agbenya la ŋuti — 2elabena agbe la da, eye míekpɔe, eye míeɖia ɖase le eŋuti, eye míeɖea gbe ƒã agbe mava, si le Fofoa gbɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe go fia mí la fia mi — 3nusi miekpɔ, eye miese la, mieɖea gbe ƒãe na miawo hã, bene miawo hã miado ƒome kpakpli mí, eye míaƒe ƒomedodo la li kple Fofo la kpakple Via Yesu Kristo. 4Eye míeŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miaƒe dzidzo nayɔ fũ.
5Eye gbedasi, si miese tso egbɔ, eye míeɖea gbe ƒã na mi la, enye esi bena, Mawu enye kekeli, eye vivitía ɖeke mele eme o. 6Ne míegblɔ bena, míedo ƒome kpakplim eye gake miegale viviti me zɔm la, ekema aʋatso kam míele, eye menye nyateƒe dzi wɔm míele o; 7ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti. 8Ne miegblɔ bena, nuvɔ̃ mele mia ŋu o la, ekema mía ŋutɔ mía ɖokui blem míele, eye nyateƒe mele mía me o. 9Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti. 10Ne míegblɔ bena, míewɔa nuvɔ̃ o la, ekema míeɖo eyama aʋatsokalae, eye eƒe nya la mele mia me o.
Currently Selected:
Yohanes I 1: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.