1
Mose I 37:5
EƲEGBE BIBLIA
Gbe ɖeka Yosef ku drɔ̃e aɖe, eye esi wòlĩi na nɔviawo la, wogalé fui wu tsã.
Thelekisa
Phonononga Mose I 37:5
2
Mose I 37:3
Azɔ la, Israel lɔ̃ Yosef wu via bubuawo katã, elabe enye eƒe tsitsime vi. Etɔ awu ʋlaya abɔ legbe nɛ.
Phonononga Mose I 37:3
3
Mose I 37:4
Esi Yosef nɔviŋutsuawo kpɔ be yewo tɔ́ lɔ̃ Yosef wu yewo dometɔ ɖe sia ɖe la, wolé fui, eye womegaƒoa nu nɛ lɔlɔ̃tɔe azɔ o.
Phonononga Mose I 37:4
4
Mose I 37:9
Tete wògaku drɔ̃e bubu, eye wòlĩ eya hã na nɔviawo gblɔ be: “Kpɔ ɖa, megaku drɔ̃e bubu be ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ wode ta agu nam.”
Phonononga Mose I 37:9
5
Mose I 37:11
Tso esia dzi la, nɔviawo de asi ŋuʋaʋãe me, ke tɔ́a lé nya la ɖe tame.
Phonononga Mose I 37:11
6
Mose I 37:6-7
Egblɔ na wo be: “Mise drɔ̃e si meku la ɖa. Kpɔ ɖa, míele lu blam le agble me. Tete nye lu babla tsi tsitre hedzɔ ka. Kasia mia tɔwo va ƒo xlãe hele ta dem agu nɛ.”
Phonononga Mose I 37:6-7
7
Mose I 37:20
Mina míawui atsɔ ƒu gbe ɖe do me. Ɖeko míagblɔ be lã wɔadã aɖe lée. Ekema nu si eƒe drɔ̃eawo ava zu hã míakpɔe.”
Phonononga Mose I 37:20
8
Mose I 37:28
Ale esi Midian-sitsala aɖewo va yina la, woɖee le doa me hetsɔe dzra, klosaloga bla eve, na Ismaeltɔwo. Tete asitsalaawo kplɔe yi Egipte.
Phonononga Mose I 37:28
9
Mose I 37:19
Wogblɔ na wo nɔewo be: “Drɔ̃ekula lae nye esi gbɔna!
Phonononga Mose I 37:19
10
Mose I 37:18
Wokpɔe le adzɔge ɖaa, eye hafi wòava ɖo wo gbɔ la, woɖo nugbe ɖe eŋu be yewoawui.
Phonononga Mose I 37:18
11
Mose I 37:22
Egagblɔ be: “Migakɔ ʋu ɖi o. Mitsɔe da ɖe do sia me le gbedadaƒo afii boŋ. Migawɔ nu vevi aɖekee o.” Egblɔ esia bene yeate ŋu aɖee tso wo si me atsɔe aɖo ɖe wo tɔ́.
Phonononga Mose I 37:22
Home
Bible
Plans
Videos