Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose II 13

13
Ŋgɔgbeviwo nye Aƒetɔ tɔ
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2#Mos IV, 3.13; Luk 2.23. “Ɖe ŋgɔgbeviwo katã ɖe aga nam. Nu sia nu si aʋu dɔ nu na nɔa le Israelviwo dome la, tɔnye ye. Eɖanye ame alo lã o, tɔnyee.”
Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkeke Nyui
3Mose gblɔ na dukɔ la be: “Miaƒe ŋku nenɔ ŋkeke sia, si dzi miedzo le Egipte, afi si mienye kluviwo le la dzi, elabe ŋusẽ triakɔ ŋutɔe Aƒetɔ tsɔ kplɔ mi dzoe le afi ma. Migaɖu amɔwɔ ʋaʋã bolo le ŋkeke sia dzi o. 4Miele dzodzom le Egipte egbe sia, le Abib, si nye nuŋeɣleti la me. 5Aƒetɔ ka atam na mia tɔgbuiwo be yeatsɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la ana mi. Ne wòkplɔ mi va anyigba sia dzi la, miaɖu ŋkekenyui sia le ɣleti sia me. 6Miaɖu amɔwɔ maʋamaʋã bolo ŋkeke adrẽ, eye le ŋkeke adrẽa gbe la, miaɖu ŋkekenyui na Aƒetɔ. 7Le ŋkeke adrẽ siawo me la, miaɖu amɔwɔ maʋamaʋã bolo ko. Womakpɔ amɔwɔ ʋaʋã bolo alo amɔwɔʋãnu aɖeke le mia si le miaƒe anyigba blibo la dzi o. 8Gbe ma gbe la, miagblɔ na mia viŋutsuwo be: ‘Nu si Aƒetɔ wɔ na mí esime míeʋu tso Egipte la tae míele ŋkeke sia ɖum ɖo.’ 9Ŋkeke nyui sia nanye ŋkuɖodzinu le miaƒe ŋgo nu, bene Aƒetɔ ƒe se la nanɔ mia nu elabe ŋusẽ triakɔ ŋutɔe wòtsɔ kplɔ mi dzoe le Egipte. 10Miwɔ ɖoɖo sia dzi, ƒè sia ƒè, le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi.”
Nu si ta ŋgɔgbeviwo nye Aƒetɔ tɔ ɖo
11“Ne Aƒetɔ kplɔ mi va Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi abe ale si wòka atam na mi kple mia tɔgbuiwoe ene, eye wòtsɔe na mi la, 12#Mos II, 34.19, 20; Luk 2.23. ekema miaɖe nu sia nu si ʋu dɔ nu na nɔa la ɖe aga na Aƒetɔ; miaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye atsu la katã nanye Aƒetɔ tɔ. 13Ke tedzinɔ ƒe ŋgɔgbevi ya la, miatsɔ alẽ aɖɔlii. Ne mieɖɔlii o la, ekema miŋe kɔ nɛ. Ke miɖɔli amewo ƒe ŋgɔgbeviwo katã. 14Ne etsɔ megbe mia viŋutsuwo va bia mi be: ‘Nuwɔna sia gɔme ɖe?’ mahã la, miaɖo eŋu be: ‘Aƒetɔ tsɔ ŋusẽ triakɔ ŋutɔ kplɔ mí dzoe le Egipte, afi si míenye kluviwo le tsã la. 15Esi Egipte Fiagã la sẽ tame, gbe be yemaɖe asi le mía ŋu míadzo o la, Aƒetɔ wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, amegbetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo kple lãwo tɔwo siaa. Eya ta míetsɔa atsu sia atsu si ʋu dɔ nu na nɔa la saa vɔe na Aƒetɔ, eye míeɖɔlia mía viŋutsuviwo ya kple alẽ. 16Esia nye dzesi anɔ míaƒe asi ta kple ŋgoblanu anɔ míaƒe ŋgo nu, be Aƒetɔ ye tsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la kplɔ mí dzoe le Egipte.’ ”
Alilikpo kple dzobibi tsrala la
17Esi Egipte Fiagã la ɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi mɔ o, togbɔ be eyae tsɔ kpuie hafi. Elabe Mawu gblɔ be: “Ne woho aʋa ɖe wo ŋu la, woƒe susu ava trɔ, eye woagbugbɔ ayi Egipte.” 18Eya ta ena woto gbedadaƒomɔ si ɖo ta Aƒlaƒu la gbɔ la dzi. Ke Israelviwo bla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu hafi dze mɔ tso Egipte.
19 # Mos I, 50.25; Yos 24.32. Azɔ Mose tsɔ Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi elabe Yosef gblɔ na Israelviwo be: “Mika atam nam be, ne Mawu ve mia nu eye miedzo le afii yina la, miatsɔ nye ƒuwo ɖe asi ayii.”
20Israelviwo dze mɔ tso Sukot, eye woɖaƒu asaɖa anyi ɖe Etam le gbedadaƒo la to. 21Aƒetɔ nɔ wo ŋgɔ le alilikpo tsrala me le ŋkeke me, eye wòkplɔa wo. Le zã me la, enɔa dzobibi tsrala me, eye wònaa kekeli wo, ale be wote ŋu zɔ mɔ zã kple keli. 22#Nya 10.17, 18; 18.3.Alilikpo tsrala la medzona le dukɔ la gbɔ le ŋkeke me o, eye dzobibi tsrala la hã medzona le dukɔ la ŋgɔ le zã me o.

Currently Selected:

Mose II 13: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo