Mose II 14
14
Aƒlaƒu la tsotso
1Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Israelviwo be woatrɔ va ƒu asaɖa anyi ɖe Pi-Haxirot gbɔ le Migdol kple ƒu la dome le Baal-Zefon kasa ɖe ƒua nu. 3Ekema Egipte Fiagã la agblɔ le mi, Israelviwo ŋu be, ‘Wobu mɔ eye woble ɖe gbedadaƒo.’ 4Mana Egipte Fiagã la ƒe dzime nasẽ, eye wòakplɔ wo ɖo. Ekema maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Egipte Fiagã la kple eƒe aʋakɔ blibo la ŋuti be Egiptetɔwo nadze sii be nyee nye Aƒetɔ” eye wowɔ nenema.
5Esi wogblɔ na Egipte-fia be Israel-dukɔ la sí dzo la, eya ŋutɔ kple eŋumewo ƒe susu trɔ eye wobia wo ɖokui be: “Nu kae nye esi míewɔ? Míeɖe asi le Israelvi siwo subɔa mí la ŋu wodzo!” 6Fia la ɖe gbe wobla akpa na eƒe aʋatasiaɖam, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔwo yii. 7Eho kple eƒe aʋatasiaɖam alafa ade siwo wotia kpakple Egipte-tasiaɖam bubuwo, eye aʋawɔla veviwo le wo katã nu. 8Aƒetɔ na Egipte Fiagã la ƒe dzime sẽ ale be wokplɔ Israelviawo ɖo, esime wodzo yina aglãdzetɔe. 9Egiptetɔwo kple Egipte Fiagã la ƒe sɔwo, tasiaɖamwo, sɔdolawo kpakple aʋakɔawo katã ti Israelviwo yome va tu wo le woƒe asaɖa me le ƒua nu le Pi-Haxirot gbɔ le Baal-Zefon kasa.
10Egipte Fiagã la gogo wo, eye Israelviwo fɔ mo dzi. Kasia Egiptetɔwo nye esi zɔ ɖe wo dzi gbɔna. Dzidzi ƒo wo eye wodo ɣli yɔ Aƒetɔ. 11Wobia Mose be: “Yɔdoe mele Egipte o ta nèkplɔ mí dzo le afi ma be míava ku ɖe gbedadaƒoa? Nu kae nye esi nèkplɔ mí dzo le Egipte va wɔ mí? 12Esia ko gblɔm míenɔ na wò le Egipte be: ‘Ɖe asi le mía ŋu, ne míasubɔ Egiptetɔwo.’ Elabe ne míele Egiptetɔwo subɔm eye míele agbe la, enyo wu be míayi aɖaku ɖe gbedadaƒo.”
13Ke Mose gblɔ na dukɔ la be: “Migavɔ̃ o. Milé dzi ɖe ƒo ko ne miakpɔ ale si Aƒetɔ le xɔxɔ ge na mi egbe sia la ɖa; Egiptetɔ siwo kpɔm miele egbe la, miegale wo kpɔ ge akpɔ gbeɖe o. 14Miawo mizi kpi ko, Aƒetɔ le aʋa wɔ ge ɖe mia nu.”
15Aƒetɔ bia Mose be: “Nu ka ta nèle ɣli dom le yɔyem? Gblɔ na Israelviwo be woaho aɖo ta ŋgɔ ko. 16Wò la, tsɔ wò atizɔti, nàdoe ɖe ƒu la dzi ne nàma tsia ɖe eve bene Israelviwo nazɔ ƒuƒuiƒe ato ƒu la me ayi. 17Mana Egiptetɔwo ƒe dzime nasẽ, eye woakplɔ wo ɖo bene maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Egipte Fiagã la kple eƒe aʋakɔ blibo la, eƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo katã ŋu. 18Ne meɖe nye ŋusẽ fia ɖe Egipte Fiagã la, eƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo ŋu alea la, ekema adze sii be nyee nye Aƒetɔ.”
19Tete mawudɔla si le Israel ƒe aʋakɔ la ŋgɔ la dzo yi emegbe. Nenema ke alilikpo tsrala si le wo ŋgɔ la hã dzo yi wo megbe, 20heɖale Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ kple Israelviwo ƒe aʋakɔ dome, eye alilikpo tsrala la do viviti ɖe Egiptetɔwo le zã la me, ke eklẽ na Israelviwo ya ale be wo dometɔ aɖeke mete ɖe nɔvia ŋu zã blibo la katã o.
21Azɔ Mose do asi ɖe ƒua dzi. Tete Aƒetɔ na ɣedzeƒeya sesẽ ƒo zã blibo la katã, hetutu atsiaƒua ɖe megbe. Ƒuƒuiƒe do, eye tsia me ma. 22#Kor I, 10.1, 2; Heb 11.29. Ale Israelviwo zɔ ƒuƒuiƒe to ƒua me. Tsi la zu abe gli ene na wo le ɖusime kple miame. 23Egiptetɔawo ɖe wo ɖe nu, Egipte Fiagã la ƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple sɔdolawo va ɖo ƒu la titina. 24Le fɔŋli me la, Aƒetɔ le dzobibi kple alilikpo tsrala me kpɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la dzi ɖa, eye wòtɔtɔ wo. 25Ena woƒe tasiaɖamfɔtiwo gli, ŋgɔyiyi zu dɔ. Tete Egiptetɔwo gblɔ be: “Mina míasí dzo, elabe Aƒetɔ le Israel dzi tsi tre ɖe mía ŋu le aʋa wɔm na wo!”
26Fifia Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Do asi ɖe ƒu la dzi ne ƒua nagbugbɔ yi enɔƒe aɖaŋe ɖe Egiptetɔawo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.” 27Mose do asi ɖe ƒua dzi, eye kaka ŋu nake la, ƒua gaɖɔ, goglo abe tsã ene. Esi Egiptetɔwo sí yina la, Aƒetɔ nyà wo de ƒu la me. 28Tsia trɔ va tsyɔ tasiaɖamuawo, sɔdolaawo kple Egipte Fiagã la ƒe aʋakɔ si kplɔ Israelviwo ɖo yi ƒua me la katã dzi. Wo dometɔ ɖeka pɛ hã metsi agbe o. 29Ke Israelviwo ya zɔ ƒuƒuiƒe to ƒua me, eye tsia zu abe gli ene ɖe woƒe ɖusime kple miame.
30Aleae Aƒetɔ ɖe Israelviwo tso Egiptetɔwo si me gbe ma gbe, eye Israelviwo kpɔ Egiptetɔwo ƒe kukuawo le ƒua nu. 31Esi Israel kpɔ ŋusẽ triakɔ si Aƒetɔ tsɔ tu nu kple Egiptetɔwo la, dukɔ la vɔ̃ Aƒetɔ, eye woxɔ eyama kple eƒe dɔla Mose dzi se.
Currently Selected:
Mose II 14: EB14
Tya elembo
Kabola
Copy

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.