Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose II 12

12
Woɖo Paska ɖuɖu gɔme anyi
1 # Mos III, 23.5; Mos IV, 9.1-5; 28.16; Mos V, 16.1, 2. Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron le Egipte-nyigba dzi be: 2“Ɣleti sia nanye ɣleti vevitɔ na mi le ƒèa me. Nezu ɣleti gbãtɔ na mi le ƒèa me. 3Migblɔ na Israel-dukɔ blibo la be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu sia ŋutsu nalé alẽvi ɖeka; aƒe ɖeka, alẽvi ɖeka. 4Ne aƒe aɖe me tɔwo mesɔ gbɔ ate ŋu aɖu alẽvi ɖeka o la, woaƒo ƒu kple woƒe aƒelika be woasɔ gbɔ, eye alẽvi ɖeka nade wo nu. 5Lã la nanye atsui, nexɔ ƒe ɖeka eye naneke nagawɔ afi aɖeke nɛ o. Ate ŋu anye alẽ alo gbɔ̃. 6Woaɖee ɖe aga va se ɖe ɣletia ƒe ŋkeke wui enelia gbe, eye le gbe ma gbe fiẽ la, Israelviwo ƒe ha bliboa katã le afi sia afi nawui. 7Woatsɔ eƒe ʋu asisi ɖe ʋɔtrutiawo kple eve kple wo tametɔ la ŋu. 8Woamè lã la, eye woaɖui le zã ma me kple amɔwɔ maʋamaʋã bolo kpakple ama veve. 9Migaɖui mumu alo aɖae le tsi me o, ke boŋ mimèe le dzo me. Ele be wòanɔ blibo nenema, ta, afɔ kple dɔmenuawo nanɔ eŋu hafi miame aɖu. 10Migasusɔ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o. Ne ɖe tsi anyi ŋu ke la, miatɔ dzoe. 11Ale mianɔ aɖui nye esi: Mibla ali dzi, eye mido afɔkpawo ɖe afɔ. Milé atizɔti ɖe asi, eye miaɖui kabakaba. Aƒetɔ ƒe Paska wònye. 12Elabe mele Egipte-nyigba la me to ge ava yi le zã ma me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe le Egipte-nyigba la dzi, eɖanye ame o, eɖanye aƒemelã o. Matso nya me na Egipte-mawuwo katã. Nyee nye Aƒetɔ. 13Ʋu si anɔ aƒe siwo me miele ƒe ʋɔtrutiwo ŋuti la ade dzesi mi, ale be ne mekpɔ ʋua ko la, mato mia ŋu ayi, eye fukpekpe si ava Egiptetɔwo dzi la matsrɔ̃ miawo ya o.
14 # Mos II, 23.15; 34.18; Mos III, 23.6-8; Mos IV, 28.17-25; Mos V, 16.3-8. Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodziŋkeke na Aƒetɔ tso dzidzime yi dzidzime; nezu ɖoɖo na mi tegbee.”
Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkeke Nyui
15“Miaɖu amɔwɔ maʋamaʋã bolo la ŋkeke adrẽ. Tso ŋkeke gbãtɔ dzi la, ele be miaɖe amɔwɔʋãnu ɖe sia ɖe ado goe le miaƒe aƒewo katã me. Ame sia ame si aɖu nane si me amɔwɔʋãnu le tso ŋkeke gbãtɔ yi ɖase ŋkeke adrẽlia dzi la, woaɖee ɖa le Israelviwo dome. 16Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, miwɔ subɔsubɔ takpekpe kɔkɔe, eye migawɔ nu bubu aɖeke le ŋkeke adrẽlia hã dzi o. Ame aɖeke mawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke eve mawo dzi o, negbe nu si miaɖu gbe ma gbe ko miaɖa. 17Miɖo ŋku amɔ maʋamaʋã bolo ŋkeke sia dzi ɖaa, elabe ŋkeke ma dzie mekplɔ miaƒe dukɔ la ƒe amehawo dzoe le Egipte-nyigba la dzi. Anye ŋkekenyui na mi, mianɔ ɖuɖum ƒe sia ƒe tso dzidzime yi dzidzime. 18Tso ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui enelia ƒe fiẽ la, miaɖu amɔwɔ maʋamaʋã bolo. 19Mele be amɔwɔ ʋaʋã aɖeke nanɔ miaƒe aƒewo me le ŋkeke adrẽ mawo me o. Ne ame aɖe ɖu amɔwɔ ʋaʋã le ŋkeke mawo me la, woaɖee ɖa le Israelviwo dome. Eɖanye amedzro o, eɖanye Israelvi o, woaɖee ɖa. 20Miekpɔ mɔ aɖu naneke si me amɔwɔʋãnu le la o. Afi ka ke miele o, amɔwɔ maʋamaʋã bolo ko miaɖu.”
Ale si woɖu Paska gbãtɔe
21Mose yɔ Israelviwo ƒe ame tsitsiwo katã, eye wògblɔ na wo be: “Mia dome ame sia ame neyi ɖalé alẽvi ɖe eƒemetɔwo ƒe agbɔsɔsɔ nu, ne wòawui hena Paska la. 22Mitsɔ hisɔptilɔ babla nyrɔ ɖe lãa ƒe ʋu me le agba si me ʋua le la me, eye miatsɔe asisi ɖe ʋɔtruti tsitrenutɔ eveawo kple wo tametɔ ŋuti. Ame aɖeke nagado go to ʋɔtrua nu o, va se ɖe esime ŋu nake, 23#Heb 11.28. elabe Aƒetɔ va le yiyi ge aɖatsrɔ̃ Egiptetɔwo, eye ne wòkpɔ ʋua le ʋɔtrutiawo kple wo tametɔ ŋu la, ato aƒea ŋu ayi, eye mana nugblẽla nage ɖe miaƒe aƒewo me awu mi o. 24Miawo ŋutɔ kple miaƒe dzidzimeviwo miwɔ ɖoɖo sia dzi tegbee. 25Ne mieva ɖo anyigba si Aƒetɔ le tsɔtsɔ ge na mi, abe ale si wòdo ŋugbe ene la dzi la, ele be mianɔ subɔsubɔ sia wɔm. 26Ne mia viwo abia be: ‘Miaƒe subɔsubɔ sia gɔme ɖe?’ la, 27ekema miaɖo eŋu be: ‘Esiae nye ŋutitotovɔsa na Aƒetɔ, ame si to Israelviwo ƒe aƒewo ŋu yi le Egipte, eye wòɖawu Egiptetɔwo hetso míaƒe aƒewo ɖi la.’ ” Tete dukɔ blibo la de ta agu, eye wodo gbe ɖa.
28Tete Israelviwo ɖawɔ nu siwo Aƒetɔ ɖo na wo to Mose kple Aron dzi la dzi tututu.
Ŋgɔgbeviwo ku
29 # Mos II, 4.22, 23. Le zã titina la, Aƒetɔ wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi. Ewu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, tso Egipte Fiagã si le Egipte fiazikpui dzi la ƒe ŋgɔgbevi kple gaxɔmenɔla ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi. 30Tete Egipte Fiagã la, eŋumewo kple Egiptetɔwo katã fɔ le zã titina, eye aviɣli de dzi hoo le dukɔ bliboa me elabe Egiptetɔwo ƒe aƒe aɖeke meli si me ame meku le o. 31Egipte Fiagã la yɔ Mose kple Aron vɛ le zã la me, eye wògblɔ na wo be: “Netsɔ! Midzo le nye dukɔ me, miawo ŋutɔ kple Israelviwo siaa. Miyi ne miaɖasubɔ Aƒetɔ abe ale si miegblɔ la ene. 32Mikplɔ miaƒe alẽ kple gbɔ̃hawo kpakple miaƒe nyihawo, abe ale si miedi ene, ne miadzo! Miabia yayra na nye hã!”
33Egiptetɔwo ƒo du ɖe Israelviwo nu be woadzo le anyigba la dzi kabakaba. Wole ɣli dzi be: “Mí katã míele kuku ge!” 34Ale Israelviwo lɔ woƒe nuwo: amɔwɔ si mekpɔ ʋã haɖe o kple akpaku si me woblua nuɖuɖu le la hebla ɖe avɔ kple awu ʋlayawo me lé ɖe abɔta. 35#Mos II, 3.21, 22.Abe ale si Mose ɖo aɖaŋu na wo va yii ene la, wobia klosalo kple sika nuwo kpakple nudodowo Egiptetɔwo hexɔ le wo si. 36Aƒetɔ na Egiptetɔwo ve Israelviwo nu tsɔ nuawo na wo faa. Esia wɔ be Israelviwo ha Egiptetɔwo tsɔ dzoe.
37Ale Israelviwo ho tso Ramses ɖo ta Sukot. Ŋutsu siwo le afɔ dzi dze mɔ la ƒe xexlẽme anɔ ame akpe alafa ade, ɖeviwo mele eme o. 38Amedzro geɖewo hã ho kple wo, eye wokplɔ lãha gã ŋutɔ ɖe asi: gbɔ̃wo, alẽwo kple nyiwo. 39Wotsɔ amɔwɔ maʋamaʋã si wotsɔ tso Egipte la me aboloe, ke amɔwɔ la meʋã o, elabe Egiptetɔwo nyà wo dzoe kpata, eye womete ŋu wɔ amɔwɔ ɖi wòʋã wotsɔ ɖe asi o. Nenema ke womekpɔ ɣeyiɣi di nuɖuɖu ɖe asi hafi tso o.
40 # Mos I, 15.13; Gal 3.17. Israelviwo ƒe Egipte nɔnɔ de ƒe alafa ene bla etɔ̃. 41Gbe si gbe ƒe alafa ene bla etɔ̃lia wu nu tututu lae Aƒetɔ ƒe dukɔ la katã ho dzo le Egipte. 42Aƒetɔ nɔ ŋu zã blibo ma be yeakplɔ wo dzoe le Egipte-nyigba dzi. Zã ma va zu ŋudɔzã tɔxɛ si me Israelviwo katã dɔa ŋu tsɔna dea bubu Aƒetɔ ŋu, tso dzidzime yi dzidzime.
Paskalẽvi la ɖuɖu ŋu ɖoɖowo
43Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be: Paska la ŋu ɖoɖowoe nye esiawo: ame si menye Israelvi o la mekpɔ mɔ aɖui o. 44Ke kluvi si woƒle vɛ la, ele be woatso aʋa nɛ hafi wòaɖui. 45Amedzro alo apaɖila aɖeke mekpɔ mɔ aɖui o. 46#Mos IV, 9.12; Yoh 19.36. Aƒe ɖeka me ko woaɖui le; womatsɔ lã la ƒe ɖeke adoe le aƒea me o, eye womagbã eƒe ƒu aɖeke hã o.
47Israelviwo ƒe ha blibo la neɖu ŋkekenyuia. 48Ke ne amedzro aɖe le gbɔwò, si di be yeaɖu Paska la la, ele be woatso aʋa na ŋutsu ɖe sia ɖe si le esi la hafi wòava ɖui. Ekema woabui abe Israel vidzidzia ene. Ke bolobolotɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖu Paska la o. 49Sedede ɖeka mae anɔ ŋkekea ŋu na aƒevi kple amedzro siwo le mia dome la siaa. 50Ale Israelviwo katã wɔ se si Aƒetɔ de na Mose kple Aron la dzi pɛpɛpɛ. 51Gbe ma gbe ye Aƒetɔ kplɔ Israelviwo ƒe hatsotsoawo do goe le Egipte-nyigba dzi.

Currently Selected:

Mose II 12: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo