Mateo 13
13
Lododo le nukuwula ŋuti
(Mar 4.1-9; Luk 8.4-8)
1Gbe ma gbe Yesu do go le aƒea me yi ɖabɔbɔ nɔ ƒua nu. 2#Luk 5.1-3. Ameha si ƒo ƒu ɖe eŋu la sɔ gbɔ ŋutɔ; ale wòge ɖe tɔdziʋu aɖe me hebɔbɔ nɔ anyi, eye amehawo le tsitre ɖe ƒua nu. 3Egblɔ nya geɖe na wo le lododowo me. Ebe: “Kpɔ ɖa, nukuwula aɖe yi nu wu ge. 4Esi wòle nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi. 5Ɖewo ge ɖe kpenyigba dzi, afi si anyi mesɔ gbɔ le o. Esi womeyi to nyuie o ta la, womie kaba. 6Ŋdɔ va ʋu, eye esi ŋdɔkutsu ɖu wo la, woyrɔ hefiã, elabe woƒe ke meyi to o. 7Bubuwo ge ɖe ŋuwo me. Esi wotsi gbɔna la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi. 8Ke hã bubuwo ge ɖe anyigba nyui dzi, eye wotse ku: ɖewo alafa, ɖewo bla ade, eye bubuwo tse bla etɔ̃. 9Ame si to senu li na la, nesee.”
Lododoawo ƒe taɖodzinu
(Mar 4.10-12; Luk 8.9-10)
10Tete nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ biae be: “Nu ka ta nèle nu ƒom na ameawo le lododowo me?” 11Yesu ɖo eŋu be: “Miawo la, woɖe nu si gɔme mekɔ ƒãa le dziƒofiaɖuɖu ŋuti o la fia mi; ke womeɖe egɔme fia ame bubuawo ya o. 12#Mat 25.29; Mar 4.25; Luk 8.18; 19.26. Elabe ame si si nu le la, woana nui wòasɔ gbɔ ɖe edzi; ke ame si si sue aɖe ko le la, woaxɔ sue si le esi la hã le esi. 13Nu si ta meƒo nu na wo to lododowo me lae nye be wole nu kpɔm kple ŋku, gake womekpɔ nu dze sii o; wole to ɖom gake womele nya sem ahayi egɔme se ge o. 14#Yes 6.9, 10. Yesaya ƒe gbeƒã si wòɖe la va eme pɛ be:
‘Ame siawo ase nu, agase nu,
gake womase egɔme o.
Woakpɔ nu, agakpɔe,
ke womadze sii o.
15 Elabe ame siawo ƒe susu le dɔ̃ɔ,
woƒe towo mesea nu nyuie o,
eye womia woƒe ŋkuwo.
Ɖe mele nenema o la,
woƒe ŋkuwo akpɔ nu,
woƒe towo ase nu,
woƒe susu ase nu gɔme,
eye woatrɔ ɖe ŋunye,
be mayɔ dɔ wo.’
16 #
Luk 10.23, 24. Ke miawo la, Mawu yra mi, elabe miaƒe ŋkuwo le nu kpɔm, eye miaƒe towo le nu sem. 17Mele egblɔm na mi be, Mawu ƒe gbeƒãɖela kple ame dzɔdzɔe geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu si kpɔm miele la, gake womekpɔe o. Wodi be yewoase nu si sem miele la, gake womesee o.”
Yesu ɖe lododo le nukuwula ŋuti gɔme
(Mar 4.13-20; Luk 8.11-15)
18 “Azɔ miɖo to, maɖe lododo le nukuwula la ŋuti gɔme miase. 19Ame sia ame si sea gbeƒãɖeɖe le fiaɖuƒe la ŋuti, gake mesea egɔme o la, Vɔ̃ɖitɔ la vana, eye wòhaa nu si woƒã ɖe eƒe dzime la. Eyae nye nya si wowu ɖe mɔ to la. 20Nya si wowu ɖe kpenyigba dzi la nye ame si se nya la, eye wòxɔe enumake kple dzidzɔ, 21ke meƒo ke ɖe to le eme o, eye menɔa anyi wòdidina le eme o. Ne fuɖeɖe alo yometiti va le nya la ta ko la, edea megbe enumake. 22Nya si wowu ɖe ŋuwo me la nye ame si se nya la, gake gbe sia gbe ƒe hloloetsotso kple kesinɔnu siwo blea ame la yometiti vivivo vuna tsyɔa nya la dzi, ale be metsea ku o. 23Ke nya si ge ɖe anyigba nyui dzi lae nye ame si sea nya la, eye wòsea egɔme. Etsea ku, ɖewo alafa, ɖewo bla ade eye bubuwo bla etɔ̃.”
Lododo le gbe wuwluiawo ŋuti
24Yesu do lo bubu na wo be: “Dziƒofiaɖuƒea ɖi ame aɖe, si wu nuku nyuiwo ɖe eƒe agble me. 25Esi ame sia ame dɔ alɔ̃ la, eƒe futɔ va, eye wòwú gbe wuwlui ɖe lua me, hedzo. 26Ke esi luawo mie, tsi hele ʋaʋãm la, gbe wuwluiawo hã dzé le wo dome. 27Aƒea tɔ ƒe dɔlawo va egbɔ, eye wogblɔ be: ‘Aƒetɔ, menye nuku nyui ye nèƒã ɖe wò agblea me oa? Afi ka gbe wuwluiawo tso va le eme?’ 28Eɖo eŋu na wo be: ‘Futɔ aɖee wɔ esia!’ Dɔlawo be: ‘Èdi be míayi aɖaho gbe wuwluiawo ɖaa?’ 29Eɖo eŋu be: ‘Ao, elabe ne mieyi gbe wuwluiawo ho ge la, miava ho luawo hã kpli wo. 30Migblẽ luawo kple gbe wuwluiawo ɖi, be wo katã natsi va se ɖe nuŋeɣi. Ekema magblɔ na nuŋelawo be woaho gbeawo gbã, abla wo ta, ta, ta, eye woatɔ dzo wo, eye emegbe la woaxa lu la, alɔ ayi ɖe nye ava me.’ ”
Lododo le atiku sue la ŋuti
(Mar 4.30-32; Luk 13.18-19)
31Yesu gado lo bubu na wo be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame aɖe, si ƒã atiku sue aɖe ɖe eƒe anyigba dzi la ene. 32Enye atikuwo katã dome suetɔ, ke ne etsi la, ezua ati lolotɔ. Ale xeviwo va wɔa atɔ ɖe eƒe alɔwo me.”
Lododo le amɔwɔʋãnu ŋuti
(Luk 13.20-21)
33Yesu gado lo bubu na wo be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe amɔwɔʋãnu, si nyɔnu aɖe tsɔ de amɔwɔ maʋamaʋã nudzidzenu etɔ̃ me, va se ɖe esime amɔwɔ la katã ʋã ene.”
Ale si Yesu wɔ eƒe lododowo ŋudɔe
(Mar 4.33-34)
34Yesu to lododowo me gblɔ nu siawo katã na amehaawo, eye ne menye to lododo me o la, megblɔa nya aɖeke na wo o. 35#Ps 78.2. Ale wɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela la ƒe nya si wòɖe gbeƒãe la va eme be:
“Maƒo nu le lododowo me,
eye magblɔ nu siwo le ɣaɣla,
tso esime woɖo xexea me gɔme anyi la afia.”
Yesu ɖe gbe wuwluiawo ƒe lododo la gɔme
36Yesu do mɔ ameha la, eye wòva aƒeme. Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ nɛ be: “Ɖe lo si nèdo le gbe wuwlui, siwo le agblea me la gɔme na mí.” 37Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nuku nyui wula lae nye Amegbetɔ Vi la. 38Agble lae nye xexea me; nuku nyui lae nye ame siwo le fiaɖuƒe la me; gbe wuwluiawoe nye ame siwo nye Vɔ̃ɖitɔ la tɔwo, 39eye futɔ si wu gbe wuwluiawo lae nye Abosam. Nuŋeɣi lae nye xexea me ƒe nuwuwu, eye nuŋelawoe nye mawudɔlawo. 40Ale si woƒo gbe wuwluiawo nu ƒu, eye wotɔ dzo wo la, nenema ke wòanɔ le nuwuwua. 41Amegbetɔ Vi la adɔ eƒe mawudɔlawo ɖa bene woaƒo ame siwo katã na be amewo wɔ nuvɔ̃ kple ame siwo katã wɔ nuvɔ̃ le eƒe fiaɖuɖu la me la nu ƒu, 42eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo si le bibim la me; afi ma woafa avi ahaɖu aɖukli le. 43Ke Mawu ƒe amewo laklẽ abe ɣe ene le wo Tɔ́ ƒe fiaɖuƒea me. Ame si to senu li na la, nesee.”
Lododo le kesinɔnu ɣaɣla la ŋuti
44 “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu si woɣla ɖe agble aɖe me, eye ame aɖe fɔe gatsɔ ɣla la. Ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ, ale wòyi ɖatsɔ nu siwo katã le esi la dzra, eye wòyi ɖaƒle agblea.”
Lododo le dzonu xɔasi la ŋuti
45 “Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi asitsala aɖe, si le dzonu nyuiwo dim. 46Esi wòke ɖe ɖeka aɖe, si xɔ asi ŋutɔ la ŋu la, eyi ɖadzra nu sia nu si le esi la, eye wòƒle nenem dzonua.”
Lododo le ɖɔ si woɖi la ŋuti
47 “Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi ɖɔ si woɖi ɖe ƒu me, eye wòɖe lã ƒomevi vovovowo. 48Esi ɖɔa yɔ la, wohee va gota, eye wonɔ anyi hetia lãawo me. Wolɔ ɖuɖuawo de kusiwo me, eye wotsɔ maɖumaɖuawo ƒu gbe. 49Nenema ke wòanɔ le ɣeyiɣi mlɔetɔ dzi. Mawudɔlawo lado go ayi, eye woama ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ, 50eye woatsɔ ame vɔ̃ɖiawo aƒu gbe ɖe kpodzo la me afi si woafa avi ahaɖu aɖukli le.”
Nyateƒenya yeyewo kple xoxoawo
51Yesu bia wo be: “Ɖe miese nu siawo gɔmea?” Woɖo eŋu be: “Ẽ.” 52Ale Yesu gblɔ na wo be: “Ekema esia fia be agbalẽfiala ɖe sia ɖe si zu dziƒofiaɖuƒea ŋuti nusrɔ̃la la ɖi aƒetɔ aɖe, si ɖea nu yeyewo kple xoxoawo ɖe go tso eƒe nudzraɖoƒe.”
Wogbe Yesu le Nazaret
(Mar 6.1-6; Luk 4.16-30)
53Esi Yesu do lo siawo vɔ la, edzo le afi ma. 54Etrɔ yi eya ŋutɔ wo dedu me, eye wòfia nu le ƒuƒoƒea ale be ame siwo se eƒe nya la ƒe mo wɔ yaa, eye wobia be: “Afi ka ame sia srɔ̃ nunya sia ƒomevi tsoe? Afi ka nukunu siawo hã tso? 55Ɖe menye atikpala la vi lae nye ame sia oa? Menye nɔa ye nye Maria oa, eye menye nɔvia ŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda, ame siwo le mía dome la oa? 56Nɔvia nyɔnuwo katã hã mele mía dome afii oa? Afi ka gɔ̃ ame sia kpɔ nenem nu siawo katã tsoe?” 57#Yoh 4.44. Ale eƒe nu zu nuɖiaɖia na wo, eye wogbee. Yesu gblɔ na wo be: “Amewo dea bubu Mawu ƒe gbeƒãɖela ŋu le afi sia afi negbe le eya ŋutɔ wo de kple eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo dome ko womebunɛ le o.” 58Esi womexɔ se o ta la, Yesu mewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le wo dome o.
Currently Selected:
Mateo 13: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.