YouVersion Logo
Search Icon

Mateo 12

12
Nyabiabia le Dzudzɔgbe ŋuti
(Mar 2.23-28; Luk 6.1-5)
1 # Mos V, 23.25. Ɣe ma ɣi la, Yesu yi ɖato lugble aɖewo me le Dzudzɔgbe. Dɔ nɔ eƒe nusrɔ̃lawo wum, ale woŋe luawo ƒe ɖe heɖu. 2Ke esi Farisitɔwo kpɔ esia la, wogblɔ na Yesu be: “Kpɔ ɖa, wò nusrɔ̃lawo le nu si se meɖe mɔ be woawɔ le Dzudzɔgbe o la wɔm!” 3#Sam I, 21.1-6. Yesu ɖo eŋu be: “Ɖe miexlẽ nu si David wɔ, esime dɔ wu eya kple eŋutimewo kpɔ oa? 4#Mos III, 24.9. Ege ɖe Mawu ƒe aƒe la me, eye togbɔ be se meɖe mɔ be eya kple eŋutimewo naɖu vɔsabolo la o, elabe nunɔlawo koe kpɔ mɔ aɖui hã la, eya kple eŋutimeawo ɖui. 5#Mos IV, 28.9, 10. Alo ɖe miexlẽ le Mose ƒe se la me be enye nyateƒe be nunɔla siwo le mawuxɔa me la gblẽa kɔ ɖo na Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe, gake menye vodada nawo oa? 6Mele egblɔm na mi be nu si wu mawuxɔ la le afii. 7#Mat 9.13; Hos 6.6. Mawunya gblɔ be: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsasa o.’ Ɖe miese nya sia gɔme tututu la, anye ne miele fɔ bu ge ame siwo meɖi fɔ o la o; 8elabe Amegbetɔ Vi la kpɔ ŋusẽ ɖe Dzudzɔgbe la hã dzi.”
Ŋutsu si siti lé asi na la
(Mar 3.1-6; Luk 6.6-11)
9Esi Yesu dzo le afi ma la, eyi ɖe woƒe ƒuƒoƒe aɖe. 10Ŋutsu aɖe, si siti lé asi na la le afi ma. Ame siwo le didim be yewoatsɔ nya ɖe Yesu ŋu la biae be: “Se ɖe mɔ be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbea?” 11#Luk 14.5. Yesu bia wo be: “Ne alẽ ɖeka le mia dome ame aɖe si, eye wòge ɖe do me le Dzudzɔgbe la, mado asi ɖa aɖee ado goe oa? 12Evɔ la, ame xɔ asi sãa wu alẽ! Eya ta, ele se nu be woawɔ nu nyui le Dzudzɔgbe.” 13Tete wògblɔ na ame si ƒe asi siti lé la be: “Mlo asi.” Emloe, eye asi la ɖɔ ɖo gaɖo eƒe nɔnɔme abe evelia ene. 14Tete Farisitɔwo dzo, eye woyi ɖade adaŋu be yewoawu Yesu.
Mawu ƒe dɔla tiatia la
15Esi Yesu se be woɖo nugbe ɖe ye ŋuti la, edzo le afi ma; ke ameha gã aɖe kplɔe ɖo. Eda gbe le dɔlélawo katã ŋu, 16eye wòde se na wo be womagana amewo nadze si ye o. 17Egblɔ esia be Mawu ƒe nya si wògblɔ to eƒe gbeƒãɖela Yesaya dzi la nava va eme be:
18 # Yes 42.1-4. “Kpɔ ɖa, nye dɔla si metia lae nye esi.
Enye ame si melɔ̃,
eye mekpɔ ŋudzedze le eŋu.
Makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe edzi,
eye wòaɖe gbeƒã nye ʋɔnudɔdrɔ̃ na trɔ̃subɔlawo.
19Mahe nya o, mado ɣli sesĩe o,
eye womase eƒe gbe le ablɔ dzi o.
20Agbɔ dzi ɖi na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo,
ne wole abe aɖa si ŋe le enu vɔ kloe la ene.
Anyo dɔme na ame siwo ŋu nu té,
abe akaɖi si me ami vɔ le kloe la ene.
Anɔ edzi
va se ɖe esime nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ aɖu dzi,
21eye dukɔwo katã woada woƒe mɔkpɔkpɔ
ɖe eyama dzi.”
Yesu kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia
(Mar 3.20-30; Luk 11.14-23)
22Azɔ la, wokplɔ ame aɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la va Yesu gbɔ. Yesu da gbe le eŋuti, ale be wòte ŋu ƒo nu eye wòkpɔ nu hã. 23Ameha blibo la ƒe nu ku le nu si Yesu wɔ la ŋuti, eye wobia be: “Ɖe menye Fia David tɔgbuiyɔvi si ŋugbe wodo lae nye esia oa?” 24#Mat 9.34; 10.25. Esi Farisitɔwo se esia la, woawo gblɔ be: “Ne menye Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia ye na ŋusẽ ame sia o la, mate ŋu anya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe o.” 25Yesu dze si woƒe susu, eya ta wògblɔ na wo be: “Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si me nɔlawo ma, eye wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la, gbãna. Nenema ke du alo aƒe ɖe sia ɖe si me nɔlawo ma, eye wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la, adze anyi. 26Eya ta ne Satana le Satana nyam do goe la, ekema etso ɖe eɖokui ŋu. Ale ke eƒe dziɖuɖu lali kee? 27Ne miele gbɔgblɔm be meto Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia dzi nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe la, ekema ame ka dzie mia viwo ya tona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe? Nu si mia viwo wɔna lae adrɔ̃ ʋɔnu mi. 28Ke ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ la na ŋusẽm be manya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe la, ekema Mawu ƒe fiaɖuɖu la dze egɔme le mia dome vɔ xoxo. 29#Tob 8.3.Ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ aɖe ƒeme ko, aha eƒe nuwo o; negbe ɖeko wòabla ŋusẽtɔ la gbã, hafi ate ŋu aha eƒe aƒe. 30#Mar 9.40. Ame si mele dzinye o la, tsi tre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nu kplim o la, kakaa nu hlẽna. 31Esia ŋuti mele egblɔm na mi be woatsɔ amewo ƒe nuvɔ̃ kple busunyagbɔgblɔ ɖe sia ɖe akewo, ke ame si gblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti ya la, womatsɔe akee o. 32#Luk 12.10. Ame sia ame si ƒo nu tsi tre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋu la, woatsɔe akee, ke ame si ƒo nu tsi tre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ya la, womatsɔe akee fifi loo, alo le ɣeyiɣi si gbɔna la me o.”
Ati sia ati kple eƒe kutsetse
(Luk 6.43-45)
33 # Sir 27.6; Mat 7.20; Luk 6.44. “Ne ati aɖe nyo la, eƒe tsetse hã anyo, ke ne atia menyo o la, eƒe tsetse hã manyo o. Kutsetse si ƒomevi ati aɖe tsena lae ɖea ati si ƒomevi wònye la fiana. 34#Mat 3.7; 23.33; Luk 3.7; Mat 15.18; Luk 6.45. Mi da ƒe dzidzimeviwo, ale ke lawɔ mi ame siwo vɔ̃ɖi la miate ŋu agblɔ nya nyuiwo? Elabe nu si yɔ ame ƒe dzime taŋ la, eyae eƒe nu gblɔna. 35Ame nyui hea nu nyuiwo doa go tso eƒe nu nyui dzraɖoƒe, ke ame vɔ̃ɖi hea vɔ̃ɖitɔwo doa goe tso eƒe nuvɔ̃ɖi dzraɖoƒe la. 36Mele egblɔm na mi be: ame sia ame ana akɔnta tso nya vlo ɖe sia ɖe si wògblɔ kpɔ ɖekematsɔlemetɔe la ŋuti le ʋɔnudrɔ̃gbe la. 37Elabe wò nyawo tsɔ ge woala atso afia na wòe loo, alo abu fɔ wòe.”
Dzesi wɔnuku aɖe biabia Yesu
(Mar 8.11-12; Luk 11.29-32)
38 # Mat 16.1; Mar 8.11; Luk 11.16. Tete agbalẽfiala aɖewo kple Farisitɔ aɖewo gblɔ nɛ be: “Nufiala, míedi be nàwɔ dzesi aɖe ne míakpɔ.” 39#Mat 16.4; Mar 8.12. Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be: “Dzidzime vɔ̃ɖi, mawu bubuwo kplɔɖolawo! Miele dzesi dim tso gbɔnye, ke womana dzesi bubu aɖeke mi wu Mawu ƒe gbeƒãɖela Yona ƒe dzesia o. 40#Yona 1.17. Elabe abe ale si Yona nɔ ƒumelãtsua ƒe dɔme ŋkeke etɔ̃ zã etɔ̃ ene la, nenema ke Amegbetɔ Vi la hã lanɔ anyigba tume ŋkeke etɔ̃ zã etɔ̃. 41#Yona 3.5. Ninivetɔwo atsi tsitre le ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mi dzidzime sia, eye woabu fɔ mi, elabe wotrɔ dzime esime Yona gblɔ mawunya na wo. Kpɔ ɖa, ame aɖe le afii si lolo wu Yona. 42#Fia I, 10.1-10; Kron II, 9.1-12. Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, anyigbeme fianyɔnu la atsi tsitre, eye wòabu fɔ mi dzidzime sia, elabe ezɔ mɔ didi tso keke xexea me ƒe seƒe ke va be yease Salomo ƒe nya siwo me nunya le; ke kpɔ ɖa, ame aɖe le afii si lolo wu Salomo.”
Gbɔgbɔ makɔmakɔ ƒe tɔtrɔ gbɔ
(Luk 11.24-26)
43 “Ne gbɔgbɔ makɔmakɔ do go le ame me la, eyina ɖatsana le ƒuƒuiƒewo nɔa dzudzɔƒe dim. Ke ne mekpɔ ɖeke o la, 44egblɔna be: ‘Matrɔ ayi nye aƒe si me medo go le la me.’ Ne eva kpɔe wòle ƒuƒlu, wokplɔ eme, eye woɖo nuwo ɖe eme nyuie la, 45eyina ɖakplɔa gbɔgbɔ adrẽ bubu siwo vɔ̃ɖi wu eya ŋutɔ la kpena ɖe eɖokui ŋu vanɛ. Wogena ɖe ame la me, eye wonɔa afi ma. Ale wɔ ame ƒe agbe si wòva nɔna emegbe la va gblẽna wu esi wònɔ tsã. Nenema tututu wòle nɔnɔ ge na egbe dzidzime vɔ̃ɖi sia.”
Yesu nɔ kple Yesu nɔviŋutsuwo
(Mar 3.31-35; Luk 8.19-21)
46Esi Yesu gale nu ƒom ko la, dadaa kple nɔvia ŋutsuwo va afi ma. Wotsi tsitre ɖe xexe le didim be yewoaƒo nu kplii. [ 47Ame aɖe gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, nɔwò kple nɔviwò ŋutsuwo le xexe be yewoaƒo nu kpli wò.”] 48Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be: “Ame kae nye nɔnye, eye ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?” 49Tete wòfia asi eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be: “Kpɔ nɔnye kple nɔvinye ŋutsuwo ɖa. 50Ame sia ame si wɔa Tɔ́nye si le dziƒowo la ƒe lɔlɔ̃nu la, eyae nye nɔvinye ŋutsu kple nɔvinye nyɔnu kpakple nɔnye.”

Currently Selected:

Mateo 12: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in