Mateo 14
14
Yohanes mawutsilenamela ƒe ku
(Mar 6.14-29; Luk 9.7-9)
1Ɣe ma ɣi la Herodes, ame si nye dziɖula le Galilea la se Yesu ŋkɔ. 2Egblɔ na eƒe dɔwɔlawo be: “Yohanes mawutsilenamelae nye ame sia. Eyae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eya ta ŋusẽdɔ siawo le eme vam to edzi ɖo.” 3#Luk 3.19, 20. Do ŋgɔ na esia la, Herodes na wolé Yohanes bla hede gaxɔ me. Ewɔ esia le Herodia si nye nɔvia Filipo srɔ̃ la ta. 4#Mos III, 18.16; 20.21. Nu si dzɔ lae nye be Yohanes mawutsilenamela gbe nya na Herodes gblɔ be: “Se meɖe mɔ be nàɖe Herodia o.” 5Nya sia tae Herodes di be yeawu Yohanes ɖo, ke evɔ̃ Yudatɔwo elabe wobua Yohanes abe Mawu ƒe gbeƒãɖela ene. 6Ke le Herodes ƒe dzigbeŋkeke dzi la, Herodia vinyɔnu va ɖu ɣe le amehawo katã ŋkume, eye eƒe ɣeɖuɖua nyakpɔ na Herodes ŋutɔ. 7Eya ta wòka atam do ŋugbe na nyɔnuvia be nu sia nu si wòabia la, yeanae. 8Nyɔnuvia nɔ na wòbia tso Herodes si be: “Tsɔ Yohanes mawutsilenamela ƒe ta de agba me nam fifi laa!” 9Nya la ve fia la, ke le atam si wòka le bubume siwo le kplɔ̃a ŋu la ŋkume ta la, eɖe gbe be woawɔ eƒe didi la dzi nɛ. 10Ale wòdɔ ame ɖa be woaɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔa me. 11Wotsɔ ameta la ɖe agba me vɛ, eye wotsɔe na nyɔnuvia, eye eya hã tsɔe yi na nɔa. 12Ke Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va kɔ eƒe kukua yi ɖaɖi, eye woyi ɖaka nya la ta na Yesu.
Yesu na nu ame akpe atɔ̃ woɖu
(Mar 6.30-44; Luk 9.10-17; Yoh 6.1-14)
13Esi Yesu se nya sia la, eɖo tɔdziʋu dzo le afi si wòle la heyi teƒe aɖe si mele ame dome o. Ke amehawo see, eye wozɔ afɔ tso woƒe duwo me kplɔe ɖo. 14Esi Yesu ɖi go la, ekpɔ ameha gã la. Eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòda gbe le woƒe dɔnɔwo ŋu. 15Fiẽsi la, eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Teƒe sia tsò abo, eye zã hã do vɔ. Eya ta ɖe asi le ameha la ŋu be woayi ɖe kɔƒeawo me aɖaƒle nu aɖu.” 16Yesu ɖo eŋu be: “Mehiã be woadzo o. Miawo midi nu na wo ne woaɖu!” 17Woɖo eŋu be: “Naneke mele mía si le afi sia o, negbe abolo atɔ̃ kple kalãmi eve ko.” 18Yesu gblɔ be: “Mitsɔ wo vɛ nam.” 19Ebia tso ameawo si be woanɔ anyi ɖe gbe dzi le afi ma hena nuɖuɖu. Tete wòxɔ abolo atɔ̃ kple kalãmi eveawo, eye esi wòwu mo dzi kpɔ dziƒo la, eyra ɖe wo dzi. Emegbe la, eka aboloawo me tsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo, eye woawo mae na ameawo. 20Ame sia ame ɖu nu, ɖi ƒo nyuie. Esia megbe la, woƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu ɖe kusi wui eve me, ɖe sia ɖe yɔ taŋ. 21Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ ŋutsu akpe atɔ̃; womexlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo ya ɖe eme o.
Yesu zɔ tsi dzi
(Mar 6.45-52; Yoh 6.15-21)
22Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖo ʋu ado ŋgɔ ayi ɖe tá la ƒe go kemɛ dzi ne yeado mɔ ameha la. 23Esi wòdo mɔ wo vɔ la, eya ɖeka yi ɖe togbɛa dzi be yeado gbe ɖa. Zã do azɔ, eye Yesu ɖeka susɔ ɖe afi ma. 24Ɣe ma ɣi la, ʋua yi ŋgɔgbe ʋĩi. Ƒutsotsoewo nɔ ʋua nyamam, elabe ya ƒo va le ekpem. 25Fɔŋli me la, Yesu le tsi dzi zɔm gbɔna eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ. 26Esi wokpɔe wònɔ tsia dzi zɔm gbɔna la, dzika tso wo ƒo, eye wogblɔ be: “Ŋɔlie!” hedo vɔvɔ̃ɣli sesĩe. 27Enumake Yesu ƒo nu na wo gblɔ be: “Miaƒe dzi nedze eme. Migavɔ̃ o. Nyee.”
28Petro gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, nenye wòe la, na mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.” 29Yesu gblɔ nɛ be: “Va!” Ale Petro do go le ʋua me, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. 30Ke esi wòkpɔ ale si ya le ƒoƒomee la, evɔ̃, eye wòde asi toyiyi me. Petro do ɣli be: “Aƒetɔ, xɔ nam!” 31Enumake Yesu do asi ɖa lée hegblɔ nɛ be: “Xɔseʋɛtɔ! Nu ka ta nèke ɖi ɖo?” 32Esi woge ɖe ʋua me la, yaƒoƒo la dzudzɔ. 33Tete ʋua me nɔlawo dze klo subɔ Yesu, eye wogblɔ be: “Nyateƒee, Mawu Vi nènye!”
Yesu da gbe le amewo ŋu le Genezaret
(Mar 6.53-56)
34Esi wotso ƒua heɖi go ɖe Genezaret-nyigba dzi la, 35amewo kpɔ Yesu dze sii le afi ma, eye woyi ɖakplɔ dɔnɔ siwo katã le nutoa me la va egbɔe. 36Woɖe kuku na Yesu be wòaɖe mɔ be dɔnɔawo naka asi eƒe awu to pɛ ko. Ame siwo katã ka asi eŋu la ƒe lã me sẽ.
Currently Selected:
Mateo 14: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.