Zaxarya 6
6
Gbeƒãɖela la kpɔ tasiaɖam ene le ŋutega me
1Megafɔ mo dzi, eye kpɔ ɖa, mekpɔ tasiaɖam ene, siwo le go dom tso akɔblito eve dome la. 2#Nyaɖ 6.4; Nyaɖ 6.5.Sɔwo nɔ tasiaɖamawo hem. Tasiaɖam gbãtɔ ƒe sɔwo le dzĩe, evelia tɔwo le yibɔɔ, 3#Nyaɖ 6.2.etɔ̃lia tɔwo le ɣie eye enelia tɔwo le abe dzowɔ ene hele ŋɔtaŋɔta. 4Tete mebia mawudɔla si ƒo nu kplim la be: “Nye Aƒetɔ, nu ka woe nye esiawo?” 5#Nyaɖ 7.1. Mawudɔla la ɖo eŋu be: “Woawoe yina dziƒo ƒe ya eneawo nu, ne woyi ɖaɖe wo ɖokui fia le Aƒetɔ, anyigba la katã ƒe Aƒetɔ la ŋkume.” 6Tasiaɖam si hem sɔ yibɔawo le la ɖo ta dzigbeme, esi hem ɣitɔwo le la ɖo ta ɣetoɖoƒe, eye esi hem ŋɔtaŋɔtaawo le la ɖo ta anyigbeme. 7Esi sɔ dzĩawo ho la, wotsi dzi be yewoayi aɖatsa le anyigba dzi. Tete wògblɔ na wo be: “Miyi ɖatsa le anyigba la dzi!” Ale woyi ɖatsa le edzi. 8Tete wodo ɣli yɔm gblɔ be: “Kpɔ ɖa, sɔ siwo ho ɖo ta dzigbeme la na nye gbɔgbɔ dze akɔ anyi le dzigbemenyigba la dzi.”
Woɖɔ fiakuku na Yosua
9Aƒetɔ ƒe gbe va nam be: 10“Xɔ nunana siwo le Xeldai, Tobiya kple Yedaya, ame siwo gbɔ tso aboyo me le Babilonia la si, eye wò ŋutɔ nàtsɔ wo yi Yosiya, Zefanya vi, ƒeme gbe ma gbe ke. 11Tsɔ klosalo kple sika si wova na la wɔ fiakuku, eye nàɖɔe na nunɔlagã Yosua, Yozadak vi la. 12#Yer 23.5; 33.15; Zax 3.8.Gblɔ nɛ be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: ‘Ŋutsu si ŋkɔe nye Alɔdze la atsi le afi si wòle, eye wòagbugbɔ Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ atu. 13Eyae nye ame si atu gbedoxɔ la. Woade bubu eyama ŋu abe fia ene, eye wòaɖu eƒe dukɔ dzi. Nunɔla anɔ eƒe fiazikpui ŋu eye wo kple eve la ase wo nɔewo gɔme ahawɔ dɔ le ŋutifafa me.’ ” 14Fiakuku la nenɔ Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ me be woatsɔ anɔ ŋku ɖom Xeldai,#6.14: XELDAI: Woyɔe le Hebri Biblia me be Helem. Tobiya kple Yedaya kpakple Yosiya dzii.
15“Amewo atso didiƒe ʋĩi ava kpe ɖe xɔa tulawo ŋu woatu Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ la, eye miadze sii be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae dɔm ɖe mi. Nu siawo katã ava eme ne miewɔ Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ.”
Currently Selected:
Zaxarya 6: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.