Zaxarya 5
5
Mawu ƒe gbeƒãɖela la kpɔ agbalẽ si le dzodzom le ya me
1Megafɔ mo dzi, eye kpɔ ɖa, mekpɔ agbalẽ aɖe si le dzodzom le ya me. 2Tete mawudɔla la biam be: “Nu kae nye esia?” Meɖo eŋu be: “Agbalẽ aɖee. Ele dzodzom le ya me. Edidi meta asieke eye wòkeke meta ene kple afã.” 3Tete wògblɔ nam be: “Woŋlɔ ale si woƒo fi de anyigba bliboa la ɖe edzi, elabe fiafi ɖe sia ɖe atsrɔ̃ le anyigba la dzi le eƒe ŋɔŋlɔa nu, eye atam dzodzro kala ɖe sia ɖe atsrɔ̃ le eƒe ŋɔŋlɔa nu. 4Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: Madɔ fiƒode ɖo ɖe fiafitɔ kple atam dzodzro kala ɖe sia ɖe ƒe aƒeme le nye ŋkɔ me. Anɔ aƒea me va se ɖe esime wòafiã ati kple kpewo.”
Mawu ƒe gbeƒãɖela la kpɔ nyɔnu aɖe le kusi me
5Mawudɔla si ƒo nu kplim la gado va eye wògblɔ nam be: “Fɔ mo dzi nàkpɔ nu si do gbɔna.” 6Mebiae be: “Nu kae nye esia?” Eɖo eŋu nam be: “Nudogbae do gbɔna. Esia nye woƒe nuvɔ̃ le anyigba blibo la dzi.” 7Kpɔ ɖa, nutuvi si wowɔ kple tsumi la le kusia nu. Esi menɔ ekpɔm la, nutuvi la ʋu, eye mekpɔ nyɔnu aɖe wònɔ anyi ɖe nudogba la me. 8Mawudɔla la gblɔ nam be: “Nyɔnu sia nye vɔɖivɔ̃ɖi ƒe dzesi.” Azɔ la, etu asii ƒu agbaa me hehe nutuvia tu enu. 9Tete mefɔ mo dzi, eye kpɔ ɖa, mekpɔ nyɔnu eve siwo aʋala li na abe damixe ene; ya ɖo aʋala me na wo, eye wodzo gbɔna. Wova kɔ nudogba la hedzò yi ya me kplii. 10Mebia mawudɔla la be: “Afi ka wokɔ nudogba la yinae?” 11Eɖo eŋu be: “Wokɔe yina Sinear, afi si woaɖatu gbedoxɔ nɛ ɖo. Ne wotui vɔ la, woatsɔe adro ɖe enɔƒe le afi ma.
Currently Selected:
Zaxarya 5: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.