Zaxarya 4
4
Mawu ƒe gbeƒãɖela la kpɔ akaɖiti le ŋutega me
1Tete mawudɔla si ƒo nu kplim la trɔ gbɔ va ʋuʋum abe ale si wonyɔa ame tso alɔ̃ me ene. 2Ebiam be: “Nu kae nye esi kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be: “Akaɖiti si wotsɔ sika ɖeɖe wɔ lae. Amigba le etame. Akaɖi adrẽ le akaɖiti la dzi, eye akaɖimekadeƒe adrẽ le akaɖiawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 3#Nyaɖ 11.4.Akaɖiti la le amiti eve dome; ɖeka le eƒe ɖusime, eye evelia le eƒe miame.” 4Mebia mawudɔla si ƒo nu kplim la be: “Nu siawo gɔme ɖe, nye aƒetɔ?” 5Tete mawudɔla si ƒo nu kplim la biam be: “Mèse wo gɔme oa?” Meɖo eŋu be: “Kpao, nye Aƒetɔ, nyemese wo gɔme o.” 10b#Ezra 5.2.#Nyaɖ 5.6.Mawudɔla la gblɔ nam be: “Akaɖi adrẽ siawo nye Aƒetɔ ƒe ŋku adrẽ siwo le afi sia afi kpɔm le xexea me katã.”#4.10: Wotsɔ kpukpui 10b-14 tso ta 4 sia ƒe nuwuwu va da ɖe afi sia be nyadzɔdzɔa me nanyase wu.
11 #
Nyaɖ 11.4. Tete mebiae be: “Amiti eve siwo le akaɖiti la ƒe ɖusime kple miame la ya gɔme ɖe?” 12Megabiae be: “Amiti la ƒe alɔdze eve ma siwo le sikato eveawo xa, eye ami sina toa wo me la hã gɔme ɖe?” 13Ebiam be: “Mèse wo gɔme oa?” Meɖo eŋu be: “Nye amegã, nyemese wo gɔme o.” 14Tete wògblɔ nam be: “Woawoe nye ame eve siwo wotia hesi ami na, eye wole tsitre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋkume.”
Mawu do ŋugbe na Zerubabel
6Mawudɔla la gblɔ nam be mayi ɖagblɔ na Zerubabel be Aƒetɔ be: “Èle dzi ɖu ge, manye to aʋakɔ dzi alo to wò ŋutɔ wò ŋusẽ me o; ke boŋ to nye gbɔgbɔ dzi. Nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe. 7Azɔ wò to kɔkɔ, nu ka nènye? Àzu gbadzaƒe le Zerubabel ŋgɔ. Aɖe kpe si le tawò me ke la vɛ, eye ɣli aɖi hoo be: ‘Enyakpɔ loo! Enyakpɔ loo!’ ” 8Aƒetɔ gagblɔ nya bubu nam be mayi ɖagblɔ. 9Ebe: “Zerubabel ye ɖo gbedoxɔ sia gɔme anyi; eyae atui awu enu hã. Ne esia va eme la, nye dukɔ adze sii be nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae dɔ wò ɖe wo gbɔ vavã. 10aEve wo be nuwo mele abe ale si wokpɔ mɔ be woanɔ la ene o, elabe dɔ sue aɖe ko wowɔ. Ke woakpɔ Zerubabel wòanɔ gbedoxɔa tum ayi edzi, eye dzi adzɔ wo.”
Currently Selected:
Zaxarya 4: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.