YouVersion Logo
Search Icon

Zaxarya 3

3
Mawu ƒe gbeƒãɖela la kpɔ nunɔlagã le ŋutega me
1 # Ezra 5.2; Nyaɖ 12.10. Tete eɖe nunɔlagã Yosua fiam, wòle tsitre ɖe Aƒetɔ ƒe dɔla la ŋgɔ eye Satana le tsitre ɖe eƒe ɖusime be yeatsɔ nya ɖe eŋu. 2#Yuda 1.9. Tete Aƒetɔ gblɔ na Satana be: “Aƒetɔ neka mo na wò, Satana. Aƒetɔ, ame si tia Yerusalem la, neka mo na wò! Ɖe menye nake si woɖe tso dzo me lae nye esia oa?” 3Ke Yosua le awu ƒoɖiwo me le tsitre ɖe mawudɔla la ŋkume. 4Mawudɔla la gblɔ na ame siwo tsi tsitre ɖe eŋkume la be: “Miɖe awu ƒoɖiawo le ŋutsu sia ŋu!” Egblɔ na eya ŋutɔ be: “Kpɔ ɖa, meɖe wò nuvɔ̃wo ɖa le ŋuwò, eya ta mado awu xɔasiwo na wò.” 5Megblɔ be: “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ!” Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ eye wodo awu nɛ; Aƒetɔ ƒe dɔla la nɔ tsitre ɖi.
6Tete Aƒetɔ ƒe dɔla la xlɔ̃ nu Yosua be, 7Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Ne èwɔ nye sewo dzi, eye nèlé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ànye nye aƒe la kple eƒe xɔxɔnuwo dzikpɔla. Mana nɔƒe wò ɖe ame siwo le tsitre ɖe afii la dome. 8#Yer 23.5; 33.15; Zax 6.12. Azɔ, wò nunɔlagã Yosua, ɖo to nàsee; wò kple xɔ̃wòwo siwo nɔ gbɔwò la misee. Elabe woawoe nye nu nyui siwo gbɔna la ƒe dzesi. Mana nye dɔla si woyɔna be Alɔdze la nava. 9Elabe, kpɔ ɖa, metsɔ kpe si axa adrẽ li na la da ɖe Yosua ŋgɔ. Mele nane ŋlɔ ge ɖe edzi, Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe; maɖe anyigba sia ƒe vodadawo ɖa le eŋu le ŋkeke ɖeka dzi. 10#Mika 4.4. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: Gbe ma gbe la, mia dome ame sia ame akpe ehavi ayi eƒe wainkawo kple eƒe gbotiwo te.

Currently Selected:

Zaxarya 3: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in