YouVersion Logo
Search Icon

Zaxarya 2

2
Nudzidzeka si wokpɔ le ŋutega me
1Tete mefɔ mo dzi, eye kpɔ ɖa, mekpɔ ŋutsu aɖe si lé nudzidzeka ɖe asi. 2Mebiae be: “Afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu nam be: “Meyina Yerusalem dzidze ge ne manya eƒe kekeme kple didime.” 3Tete mekpɔ be mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la do, zɔ yi ŋgɔ, eye mawudɔla bubu do va ŋgɔ va kpee. 4Egblɔ nɛ be: “Ƒu du yi ɖagblɔ na ɖekakpuivi ma be gli magaƒo xlã Yerusalem azɔ o, ke boŋ anɔ abe kɔƒe ene elabe dua me nɔlawo kple lãhawo asɔ gbɔ wu dua. 5Elabe manye glikpɔ si anye dzo aƒo xlãe, Aƒetɔ lae gblɔe, eye manye atsyɔ̃ anɔ eme.”
Aƒetɔ yɔ aboyomenɔlawo be woagbɔ va aƒe
6Hee! Hee! Misí tso dzigbemenyigba dzi, Aƒetɔ lae gblɔe, elabe mekaka mi ɖe gbeta abe dziƒo ƒe ya eneawo ene. 7Hee! Misí yi Zion, mi ame siwo le Babilon vinyɔnu gbɔ. 8Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be bubu tae wodɔm ɖe dukɔ si ha mi la gbɔ, elabe ame si ka asi mia ŋu la ka asi eƒe ŋkuvi ŋu. 9Kpɔ ɖa, maʋuʋu asi ɖe wo, eye woatrɔ zu nuhaha na ame siwo subɔ wo la. Ekema mianyae be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae dɔm ɖa. 10Aƒetɔ be: “Wò Zion vinyɔnu, dzi ha, eye tso aseye elabe megbɔna be manɔ dowòme!” 11Ɣe ma ɣi la, dukɔ geɖewo ava ku ɖe Aƒetɔ ŋu azu nye dukɔ. Manɔ dowòme, eye nànya be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae dɔm ɖe gbɔwò. 12Aƒetɔ anyi Yuda ƒe dome le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem.
13Ŋutilãwo katã nezi ɖoɖoe toŋ le Aƒetɔ ŋkume, elabe edo tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la gbɔna.#2.13: Esia nye Ta 2.5 le Hebri Biblia me.

Currently Selected:

Zaxarya 2: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in