Zaxarya 1
1
Aƒetɔ le eƒe amewo yɔm be woatrɔ ava ye gbɔ
1 #
Ezra 4.24—5.1; 6.14. Le Dario ƒe ƒè evelia me, le ɣleti enyilia dzi la, Aƒetɔ de gbe asi na gbeƒãɖela Zaxarya Berexya vi, ame si nye Ido ƒe tɔgbuiyɔvi be: 2“Aƒetɔ do dziku ɖe mia tɔgbuiwo ŋu vevie 3Eya ta gblɔ na wo be, Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla la be: Mitrɔ va gbɔnye, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe, eye nye hã matrɔ ɖe mia ŋu. Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe. 4Miganɔ abe mia tɔgbuiwo ene o. Woawo la, blema gbeƒãɖelawo ɖe gbeƒã kple ɣli na wo be: Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃ɖiwo dzi kple miaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo me! Ke womesee loo, alo ɖo tom o. 5Afi ka mia tɔgbuiwo le fifia? Gbeƒãɖelawo ɖe, wole agbe tegbetegbeea? 6Ke nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla gbeƒãɖelawo la, ɖe womewɔ dɔ ɖe mia tɔgbuiwo dzi oa? Ale wotrɔ dzime gblɔ be: Ale si Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, ɖo be yeahe to na mí ɖe miaƒe zɔzɔme kple nuwɔna nui la, nenemae wòwɔ míi.”
Mawu ƒe gbeƒãɖela la kpɔ sɔwo le ŋutega me
7Esime Dario, Berexya vi, ƒe dziɖuɖu ɖo ƒè evelia me, le ɣleti wui ɖekɛlia, si woyɔna be Sebat, ƒe ŋkeke bla eve vɔ enelia gbe la, Aƒetɔ ƒo nu na Zaxarya, Berexya vi, ame si nye Ido ƒe tɔgbuiyɔvi. Zaxarya be: 8#Nyaɖ 6.4; Nyaɖ 6.2. “Mekpɔ nane le ŋutega me le zã me. Kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe ye; enɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Etɔ ɖe gbemiti aɖewo dome le bali me, eye sɔ bubuwo nɔ eyome. Ðewo nɔ dzĩe, ɖewo nɔ hẽe, eye ɖewo hã nɔ ɣie. 9Tete mebiae be: ‘Nye aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?’ Mawudɔla si ƒo nu kplim la gblɔ nam be: ‘Maɖe nu si wonye la afia wò.’ 10Ale ŋutsu si tɔ ɖe gbemitiawo dome la ɖo eŋu be: Woawoe nye ame siwo Aƒetɔ ɖo ɖa be woaɖatsa le anyigba la dzi. 11Woɖo eŋu na Aƒetɔ ƒe dɔla si tɔ ɖe gbemitiawo dome la be: ‘Míetsa le anyigba la dzi, eye kpɔ ɖa, anyigba blibo la kpɔ gbɔdzɔe.’ 12Tete Aƒetɔ ƒe dɔla gblɔ be: ‘Ao, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, va se ɖe ɣe ka ɣi nàgbe nublanuikpɔkpɔ na Yerusalem kple Yuda du siwo ŋu nèdo dziku ɖo ƒe bla adrẽ sɔŋ? 13Ale Aƒetɔ gblɔ amenuvenya kple akɔfanyawo na mawudɔla si ƒo nu kplim la. 14Ale mawudɔla si ƒo nu kplim la gblɔ nam be: Ɖe gbeƒã sesĩe nàgblɔ be: Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla be, meʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu vevie ŋutɔ. 15Dzi kum vevie ɖe dukɔ siwo li bɔkɔɔ la ŋu, elabe esi medo dziku vie ko la, woawo gblẽ nu ɖe edzi. 16Eya ta Aƒetɔ be, Metsɔ dɔmetɔtrɔ gbɔ va Yerusalem; woatso nye aƒe ɖe eme, eye woada nudzidzeka ɖe Yerusalem ŋu. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe. 17Gaɖe gbeƒã sesĩe ake be, Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla be: Nu nyui agagba go ɖe nye duwo me, eye Aƒetɔ agafa akɔ na Zion, eye woagatia Yerusalem.’ ”
Gbeƒãɖela la kpɔ lãdzo ene le ŋutega me
18 # 1.18: Esia nye Ta 2.1 le Hebri Biblia me. Tete mefɔ mo dzi, eye kpɔ ɖa, mekpɔ lãdzo ene. 19Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be: “Nu kawoe nye esiawo?” Eɖo eŋu nam be: “Woawoe nye dzo siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem.” 20Tete Aƒetɔ ɖe gbede ene fiam. 21Mebia be: “Nu ka wɔ ge ame siawo va?” Eɖo eŋu be: “Esiawoe nye dzo siwo kaka Yuda ale be ame aɖeke megafɔ ta dzi o, eye esiawo va be yewoado ŋɔdzi na wo, ale be woatutu dukɔ siwo kɔ woƒe dzowo dzi ɖe Yuda-nyigba ŋu be yewoakakae la.”
Currently Selected:
Zaxarya 1: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.