YouVersion Logo
Search Icon

Zaxarya 7

7
Nutsitsidɔ si medzea Aƒetɔ ŋu o
1Esime fia Dario ƒe dziɖuɖu ɖo ƒè enelia me la, Aƒetɔ ƒe gbe va na Zaxarya le ɣleti asiekelia si woyɔna be Kislev ƒe ŋkeke enea gbe. 2Beteltɔwo dɔ Sarezer kple Regem-Melex kpakple etɔwo ɖa be woayi aɖaƒo koko na Aƒetɔ. 3Wodi be woabia nunɔla siwo le Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, ƒeme kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo be: “Ðe magafa konyi, atsi nu dɔ le ɣleti atɔ̃lia me abe ale si mewɔ ƒè geɖee nye esi enea?” 4Tete Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, ƒe gbe va nam be: 5“Gblɔ na dukɔ blibo la kple nunɔlawo be, le ƒè bla adrẽ siwo va yi me la, wotsia nu dɔna kple nuxaxa le ɣleti atɔ̃lia kple adrẽlia me. Ðe wobu be nyee yewonɔ ewɔm naa? 6Azɔ ne mieɖu nu, no nu la, ɖe menye miawo ŋutɔe mieɖui na, henoe na oa?” 7Le ɣe ma ɣi esime, Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe godoo nɔ ŋutifafa me, nuwo bɔ eye agbenɔnɔ mesesẽ o ale be amewo nɔ du siawo kple esiwo le anyigbeme le toawo gɔme la me fũu la, ɖe menye nya siawoe Aƒetɔ ɖe gbeƒãe to blemagbeƒãɖelawo dzi oa?
Amewo yi aboyo me elabe womeɖo to Mawu o
8Aƒetɔ de gbe sia asi na Zaxarya be wòayi ɖagblɔ. 9“Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mia dome ame sia ame nenyo dɔme na ehavi eye wòakpɔ nublanui nɛ. 10Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo, amedzrowo kple ame dahewo ɖe anyi o. Mia dome ame aɖeke negaɖo vɔ̃ ɖe nɔvia ŋu le eƒe dzime o.’
11“Ke wogbe toɖoɖo, lia ʋume kpakoo, eye woté nu ɖe to me, be yewomagase nye nya o. 12Wona woƒe dzi ku atri ale be yewomagase se la kple Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe nya siwo wògblɔ ɖo ɖa, to eƒe gbɔgbɔ kple eƒe gbeƒãɖela siwo nɔ anyi le blema la dzi o. Le esia tae, dɔmedzoe tso Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la gbɔ va ɖo. 13Esi meyɔ wo, woku to ɖe eme tae nye hã meku to ɖe eme esime woyɔm. 14Metsɔ yali ka wo hlẽ ɖe dukɔ siwo womenya o la dome. Ale woƒe anyigba si wogblẽ ɖi la zu gbegbe, eye ame aɖeke megatoa afi ma yina o; wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe.

Currently Selected:

Zaxarya 7: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in