YouVersion Logo
Search Icon

Zaxarya 12

12
Aƒetɔ ɖoe be yeaɖe Yerusalem
1Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖe Israel ŋu lae nye esi: Aƒetɔ, ame si keke dziƒo me heɖo anyigba gɔme anyi eye wòde gbɔgbɔ amegbetɔ me la be: 2“Kpɔ ɖa, mawɔ Yerusalem wòanye ahanotre si me aha muame le na dukɔ siwo ƒo xlãe godoo la. Woanoe amu anɔ mumum sagasaga. Ne futɔwo ɖe to ɖe Yerusalem la, woaɖe to ɖe Yuda hã. 3Ɣe ma ɣi la, mawɔ Yerusalem wòanɔ abe kpe kpekpe ene na dukɔwo katã. Ame siwo katã ate kpɔ be yewoakɔe la, awɔ nu vevi wo ɖokui. Xexea me dukɔwo katã ava ƒo ƒu atso ɖe eŋu. 4Mado ŋɔdzi na sɔwo katã ɣe ma ɣi, eye mana wo dolawo nadze aɖaʋa. Makpɔ Yudatɔwo ta, ke mana dukɔwo ƒe sɔwo katã ƒe ŋku agbã. 5Tete Yuda-hlɔ̃wo agblɔ na wo ɖokui be, ‘Yerusalemnɔlawo kpɔ ŋusẽ to Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, woƒe Mawu la dzi.’
6“Ɣe ma ɣi la, mana Yuda-hlɔ̃wo anɔ abe ze si le dzo bim le ave titina, abe akakati si le bibim le gbe ƒuƒu me la ene. Woafiã dukɔ siwo katã ƒo xlã wo le ɖusime kple miame godoo va kpe la, esime ame aganɔ Yerusalem ya le enɔƒe, le Yerusalem-du me.
7“Aƒetɔ ana Yuda naɖu dzi gbã ale be David ƒe aƒe kple Yerusalem ƒe bubu makɔ dzi agbɔ Yuda tɔ ta o. 8Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ atsɔ akpoxɔnu aƒo xlã Yerusalemnɔlawo ale be ame belitɔ kekeake le wo dome anɔ abe David ene, eye David ƒe aƒe anɔ abe Mawu ene; woanɔ abe Aƒetɔ ƒe dɔla ene, adze wo ŋgɔ. 9Gbe ma gbe la madi dukɔ siwo katã tsi tre ɖe Yerusalem ŋu la, ahatsrɔ̃ wo.
10 # Yoh 19.37; Nyaɖ 1.7. # Mat 24.20; Nyaɖ 1.7. “Mana nublanuikpɔkpɔ kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ axɔ aƒe ɖe David ƒe aƒe kple Yerusalemnɔlawo me, eye woafɔ ŋku ɖe ame si wotɔ nui la dzi. Woafae abe ale si wofaa vi ɖeka hɔ̃ si ku na dzila ene. Woafae vevie abe dzila siwo ƒe ŋgɔgbevi ku na wo la ene. 11Ɣe ma ɣi la, woafa konyi vevie le Yerusalem abe ale si wowɔa kunu na Hadad-Rimon#12.11: HADAD-RIMON: Ewɔ abe Baal ŋkɔe nye esia ene. Baal nye mawu si Kanaantɔwo kple Siriatɔwo xɔ se be eyae naa gbewo kple atiwo miena hewɔna. Ale be ne gbe kple atiwo ƒu ƒe sia ƒe le dzomeŋɔli la, mawu sia subɔlawo buna be yewoƒe mawu la hã ku. Ale wowɔa kunu nɛ eye wofanɛ vevie. le Megido gbegbe ene. 12Anyigba afa konyi, ƒome sia ƒome afae le eɖokui si. David ƒe aƒe afae le eɖokui si, wo srɔ̃wo afae le wo ɖokui si. Natan ƒe aƒe afae le eɖokui si, wo srɔ̃wo afae le wo ɖokui si. 13Levi ƒe aƒe ƒe ƒome afae le eɖokui si, wo srɔ̃wo afae le wo ɖokui si; Simei ƒe ƒome afae le eɖokui si. 14Ƒome siwo katã susɔ la ɖe sia ɖe afae le eɖokui si, eye wo srɔ̃wo hã afae le wo ɖokui si.

Currently Selected:

Zaxarya 12: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

Video for Zaxarya 12