Zaxarya 11
11
Dziɖula ŋutasẽlawo nu yi
1Lebanon, ʋu wò agbowo,
be dzo nafiã wò sedertiwo.
2Sesewuwo, mifa avi
elabe sedertiwo mu
eye ati nyuitɔwo tsrɔ̃.
Basan-logotiwo, mifa avi
elabe woƒo ave dodo la keŋ.
3Ðo to nàse lãkplɔviwo ƒe avi ɖa;
woƒe atsyɔ̃ bu.
Ðo to nàse dzataviwo ƒe gbeɖeɖe ɖa;
woƒo ave dodo le Yordan ŋu la keŋ.
Lãkplɔvi eveawo
4Aƒetɔ, nye Mawu la be: “Va zu alẽ siwo woawu la kplɔla. 5Wo ƒlelawo wua wo eye ame aɖeke mehea to na wo o. Wo dzralawo gblɔna be ‘Mikafu Aƒetɔ’ elabe mezu kesinɔtɔ. Alẽawo kplɔlawo ŋutɔ gɔ̃ hã mekpɔa nublanui na wo o.”
6Elabe Aƒetɔ be: “Nyemagakpɔ nublanui na anyigba sia dzi nɔlawo azɔ o. Nye ŋutɔ matsɔ ame sia ame ade asi na ehavi kple eƒe fia. Fiaawo agbã anyigba la gudugudu, eye nyemaxɔ ame aɖeke le wo si me o.”
7Ale meva zu alẽ siwo woɖo be woawu la kplɔla na ame siwo fia alẽ dzrana la. Metsɔ atikplɔ eve. Meyɔ ɖeka be “Amenuveve” eye meyɔ evelia be “Ðekawɔwɔ.” Ale mekpɔ alẽawo dzi. 8Le ɣleti ɖeka me la, metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃awo. Ke nyemegbɔ dzi ɖi na wo o, eye woawo hã lé fum. 9Ale megblɔ na alẽha la be: “Nyemaganye mia kplɔla azɔ o. Ame si be yeaku la, neku; ame si be yeatsrɔ̃ la, netsrɔ̃, eye mamlɛawo nelé wo nɔewo ɖu.” 10Azɔ metsɔ nye atikplɔ si meyɔna be “Amenuveve” la eye meŋee tsɔ tú nu, si mebla kple dukɔwo katã la. 11Ale nubabla la tu gbe ma gbe. Alẽsitsala siwo nɔ ŋku lém ɖe ŋunye la, kpɔe dze sii be Aƒetɔ ye nɔ nu ƒom to dzinye. 12#Mat 27.9, 10.#Mat 26.15.Tete megblɔ na wo be: “Ne mielɔ̃ la, mixe nye fetu nam. Evɔ ne medze mia ŋu o la, nenɔ anyi.” Ale wotsɔ klosaloga bla etɔ̃ xe fee nam.
13Tete Aƒetɔ gblɔ nam be: “Tsɔe ƒu gbe ɖe nudzraɖoƒe si le gbedoxɔ me la me.”#11.13: Woŋlɔ ɖe mawunyagbalẽ xoxo aɖewo me be: “Tsɔe ƒu gbe ɖe nudzraɖoƒe si le gbedoxɔ me la me.” Woŋlɔ ɖe Hebri Biblia me be: “Tsɔe na zemela la.” Ale metsɔ klosaloga bla etɔ̃ si wobu be eyae yewotsɔ de bubu ŋunye la da ɖe nudzraɖoƒe si le gbedoxɔ me la me. 14Emegbe meŋe atikplɔ evelia si meyɔna be “Ðekawɔwɔ” la, eye megblẽ nɔviwɔwɔ si le Yuda kple Israel dome la me.
15Azɔ Aƒetɔ gblɔ nam be: “Gatsɔ lãkplɔvi maɖota la ƒe lãkplɔnuwo. 16Elabe kpɔ ɖa, mele lãkplɔvi xɔ ge le anyigba la dzi; lãkplɔvi sia la, metsɔa ɖeke le eme na tsɔtsrɔ̃lawo loo; alo dia esiwo buna la loo, alo daa gbe le esiwo xɔ abi la ŋu loo, alo esiwo tsi agbe la o. Le ema teƒe boŋ la, eɖua damitɔwo ƒe lã eye wòtúa woƒe afɔkliwo.
17Baba na nye lãkplɔvi,
maɖota si gblẽ eƒe lãha ɖe ya me.
Na yi nagblẽ eƒe abɔ kple ɖusime ŋku!
Na eƒe abɔ naƒu ɖe eŋu kplakplakpla,
eye eƒe ɖusime ŋku negbã keŋkeŋ!”
Currently Selected:
Zaxarya 11: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.