Zaxarya 10
10
Aƒetɔ do ŋugbe be yeaɖe yeƒe amewo
1Mibia tsidzadza Aƒetɔ
le edzaɣi le adame;
tso Aƒetɔ ame si wɔa ahomlilikpowo,
ame si nana be agbafie wɔna na amegbetɔwo
eye gbe wɔna na ame sia ame le gbedzi la gbɔ.
2 #
Mat 9.36; Mar 6.34. Elabe aklama kpakpɛwo ƒoa nu susu manɔmee
eye bokɔwo kpɔa alakpanu;
drɔ̃ekulawo lĩa aʋatsodrɔ̃ewo
eye wofaa akɔ dzodzro.
Eya ta dukɔ la le tsa glãla tsam
abe alẽwo ene.
Wowɔa funyafunya wo
elabe kplɔla mele wo si o.
3Nye dziku lé dzo ɖe alẽkplɔlawo ŋu
eye mahe to na kplɔlawo
elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la
tsɔ le eme na Yuda, eƒe alẽha
eye woatsɔ wo awɔ eƒe sɔ sesẽ
siwo dzi wòada ɖo le aʋa me.
4Woawo domee dzogoedzikpe,
agbadɔtsyoti, aʋadedati
kple dziɖula ɖe sia ɖe ado tso.
5Woaƒo ƒu anɔ abe ŋusẽtɔwo ene
le aʋa me;
woafanya futɔwo ɖe ba me
le ablɔwo dzi.
Woawɔ aʋa,
elabe Aƒetɔ li kpli wo,
eye sɔdolawo aɖu ŋukpe.
6“Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe la,
eye maxɔ na Yosef ƒe aƒe.
Makplɔ wo agbɔe,
elabe nye dɔme trɔ ɖe wo ŋu,
eye woanɔ abe ɖe nyemegbe wo o ene,
elabe nyee nye Aƒetɔ, woƒe Mawu la,
eye matɔ na wo.
7Ekema Efrayim azu abe aʋawɔla ŋusẽtɔ ene,
eye woanɔ dzidzɔ kpɔm
abe wainnolawo ene.
Wo viwo akpɔe,
eye woatso aseye,
eye woakpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ŋu.
8“Mala aku ayɔ wo aƒo ƒui.
Elabe meɖe wo,
eye woagadzi asɔ gbɔ fũu
abe tsã ene.
9 #
Bar 2.20-32. Togbɔ be mekaka wo hlẽ
ɖe dukɔwo dome hã,
afi ka ke wole o,
woaɖo ŋku dzinye.
Woawo kple wo viwo woatsi agbe atrɔ gbɔ.
10Makplɔ wo va aƒee tso Egipte-nyigba dzi,
eye maƒo wo ƒu tso Asiria.
Makplɔ wo va Gilead kple Lebanon-nyigba dzi,
va se ɖe esime teƒe magatu wo o.
11Woato Egipte-ƒu me
eye woaŋe ƒua ƒe ƒutsotsoewo,
ale be Nil-tɔsisi ƒe gogloƒewo katã amie.
Woabɔbɔ Asiria ƒe dàda la ɖe anyi,
eye Egipte ƒe fiatikplɔ ate ɖa.
12Mana woakpɔ ŋusẽ le Aƒetɔ me,
eye woade bubu eŋkɔ ŋu.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
Currently Selected:
Zaxarya 10: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.