Zaxarya 9
9
Aƒetɔ ahe to na dukɔ siwo ƒo xlã Israel
1 #
Yes 17.1-3; Yer 49.23-27; Amos 1.3-5. #
Yes 23.1-18; Xez 26.1—28.26; Yoel 3.4-8; Amos 1.9, 10; Mat 11.21, 22; Luk 10.13, 14. Aƒetɔ ƒe nya tsi tre
ɖe Xadra-nyigba ŋu,
eye wòava dzudzɔ ɖe Damasko dzi.
Elabe Aram-duwo nye Aƒetɔ tɔ
abe Israel-toawo katã gɔ̃ hã ene.
2Xamat hã do liƒo kplii;
Tiro kple Sidon, siwo nya nu ŋutɔ hã.
3Tiro tu mɔ́ sesẽ na eɖokui,
eli kɔ klosalo ɖi gleglegle abe ʋuʋudedi ene,
sika abe ba le ablɔwo me ene.
4Ke kpɔ ɖa, aƒetɔ la axɔ eƒe nunɔamesiwo le esi,
atsɔ eƒe nukpɔkpɔwo aƒu gbe ɖe atsiaƒu me,
eye dzo afiãe.
5 #
Yes 14.29-31; Yer 47.1-7; Xez 25.15-17; Yoel 3.4-8; Amos 1.6-8; Zef 2.4-7. Askalon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe;
Gaza hã akpɔe, eye wòatro, aɖu aɖukli.
Ekron hã, eƒe mɔkpɔkpɔ bu, gbɔgblɔ bu ɖee.
Fia atsrɔ̃ le Gaza;
ame maganɔ Askalon o.
6Ame tsakatsakawo anɔ Asdod,
eye matsi Filistitɔwo ƒe dàda nu.
7Maɖe eƒe ʋu ɖa tso eƒe nu me,
kple eƒe ŋunyɔnu ɖa tso eƒe aɖutame;
eya hã anye nu si asusɔ na mía Mawu la
anɔ abe Yuda ƒe hlɔ̃ ɖeka ene
eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene.
8Ekema maƒu asaɖa anyi abe dzɔla ene,
ɖe nye aƒe ŋu,
ale be ame aɖeke manɔ yiyim
anɔ gbɔgbɔm o;
ameteɖeanyila aɖeke magazɔ wo dzi azɔ o.
Fia si gbɔna
9 #
Mat 21.5; Yoh 12.15. Zion vinyɔnu, tso aseye vevie!
Yerusalem vinyɔnu, do ɣli sesĩe!
Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò.
Dziɖula si ƒe alɔ de dzi
kple ɖokuibɔbɔla si do tedzi la wònye.
Ele tedzinɔ ƒe vi dzi.
10 #
Ps 72.8. “Maɖe tasiaɖam ɖa le Efrayim;
maɖe sɔwo ɖa le Yerusalem
eye aʋadedatiwo atsrɔ̃.
Aɖe gbe be ŋutifafa nenɔ dukɔwo dome;
eƒe dziɖuɖu atso atsiaƒu nu
ayi atsiaƒu nu.
Atso tɔsisi la nu
yi ɖase anyigba ƒe mlɔenu ke.”
Mawu ƒe amewo agbugbɔ va aƒe
11 #
Mos II, 24.8. “Ke wò hã, le nu, si mebla kpli wò,
tsɔ ʋu ɖo kpe edzii ta la,
maɖe ga wò gamenɔlawo
tso tsivudo ƒuƒlu la me.
12Mitrɔ va azɔ,
mi gamenɔla mɔkpɔlawo.
Mitrɔ gbɔ va miaƒe mɔ́ sesẽwo me.
Mele gbeƒã ɖem egbea be:
Maɖo miaƒe fukpekpewo teƒe na mi,
zigbɔzi eve.
13Elabe mehe Yuda abe dati ene,
eye mewɔ Efrayim wònye eƒe aŋutrɔ.
Zion, manyè viwò ŋutsuwo abe yi ene
eye made adã tame na viwòwo ɖe Helaviwo ŋu,
eye nada wò abe kalẽtɔ ƒe yi ene.
14Aƒetɔ ado ɖe wo tame
eye wòada eƒe aŋutrɔwo
woazɔ abe dzikedzo ene.
Aƒetɔ Mawu aku kpẽ
eye wòanɔ anyigbemeyali me
ava yi.
15Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la akpɔ wo ta,
eye wòavuvu akafodalawo,
anya avuzi le wo dzi.
Woano woƒe ʋu abe wain ene,
woaɖi ƒo abe tre ene
eye woaƒo ʋu
abe vɔsamlekpui ƒe dzogoewo ene.#9.15: Kpukpui 15 me mekɔ nyuie le Hebri Biblia me o.
16Gbe ma gbe la, Aƒetɔ, woƒe Mawu la axɔ na wo
elabe wonye eƒe dukɔ la ƒe alẽha.
Elabe woaklẽ le eƒe anyigba dzi
abe kpe xɔasiwo
le fiakuku ŋu ene.
17Anyigba la anyo anyakpɔ loo!
Bli ana ɖekakpuiwo akpɔ lã me,
eye aha yeye ana ɖetugbiwo nanyakpɔ.
Currently Selected:
Zaxarya 9: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.