YouVersion Logo
Search Icon

Zaxarya 13

13
1Aƒetɔ be: “Gbe ma gbe la, tsidzidzi nu aʋu na David ƒe aƒe kple Yerusalemnɔlawo be wòaklɔ woƒe nuvɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ɖa le wo ŋu.
2“Gbe ma gbe la, matsrɔ̃ legbawo le anyigba dzi eye ɖeke ƒe ŋkɔ magava tame na ame azɔ o. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae le gblɔm. Maɖe gbeƒãɖelawo kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo ɖa le anyigba la dzi. 3Ne ame aɖe gado be gbeƒãɖela yenye la, tɔ́a kple nɔa, siwo dzii la, agblɔ nɛ be, ‘Mànɔ agbe o elabe èle alakpanya gblɔm le Aƒetɔ ŋkɔ me.’ Ne eɖe gbeƒã la, edzilawo ŋutɔ aƒo nu ɖee wòaku. 4Gbe ma gbe la, gbeƒãɖela ɖe sia ɖe si aɖe gbeƒã le eƒe ŋutega ŋu la, ŋu akpee. Ðeke magado lãfuwu atsɔ flu amee azɔ o, 5ke boŋ agblɔ be, ‘Nyemenye gbeƒãɖela o; agbledelae menye. Agble koe medena tso ɖevime ke.’ 6Azɔ ne ame aɖe biae be, ‘Nu ka ƒe abie le medome na wò?’ la, aɖo eŋu be, ‘Xɔ̃nyewo ƒe aƒemee mexɔ abia le.’ ”
Woɖe gbe be woawu lãkplɔla la
7 # Mat 26.31; Mar 14.27. “Yí, nyɔ ne nàtso ɖe nye lãkplɔla ŋu,
ɖe ŋutsu si tsi tre ɖe gbɔnye la ŋu,”
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
“Dza lãkplɔvi la,
ne alẽawo naka ahlẽ;
matrɔ asi le suetɔwo ŋu.
8Aƒetɔ be: Woatsrɔ̃ etɔ̃liawo ƒe eve
le anyigba blibo la dzi,
eye woagblẽ etɔ̃liawo ƒe ɖeka ɖi
wòatsi agbe.
9Matsɔ etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia ade dzo me,
alólo wo abe ale si wolóloa klosaloe ene;
mado wo akpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene.
Woayɔ nye ŋkɔ,
eye matɔ na wo.
Magblɔ be: ‘Woawoe nye nye dukɔ.’
eye woawo agblɔ be: ‘Aƒetɔ ye nye nye Mawu.’ ‘Aƒetɔ ye nye nye Mawu.’ ”

Currently Selected:

Zaxarya 13: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

Video for Zaxarya 13