YouVersion Logo
Search Icon

Marko 9

9
1Yesu yi edzi gblɔ be: “Nyateƒe tututu wònye tom mele na mi, be ame aɖewo le mia dome le afi sia, siwo maku, hafi Mawu ƒe fiaɖuɖu la ava ŋusẽtɔe o.”
Yesu ƒe dzedzeme trɔ
(Mat 17.1-13; Luk 9.28-36)
2 # Pet II, 1.17, 18. Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes, eye woawo ɖeɖe woyi to kɔkɔ aɖe dzi dzaa. Eƒe dzedzeme trɔ le wo ŋkume, 3eye eƒe awuwo trɔ fu tititi, hele dzo dam miamiamia. Nunyàla aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu anya wo woafu nenema o. 4Eliya kple Mose ɖe wo ɖokui fia wo, eye wole nu ƒom kple Yesu. 5Petro gblɔ na Yesu be: “Nufiala, enye dzidzɔ na mí ŋutɔ be míeva afii. Na míawɔ agbadɔ etɔ̃; tɔwò ɖeka, Mose tɔ ɖeka, eye Eliya hã tɔ ɖeka.” 6Ke menya nu si gblɔm wòle o, elabe ɖe wolulu, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. 7#Mat 3.17; Mar 1.11; Luk 3.22. Alilikpo va hedo vɔvɔli ɖe wo dzi. Tete gbe ɖi tso alilikpo la me be: “Vinyee nye ame sia! Nyemelɔ̃a nu le egbɔ o. Miɖo toe!” 8Wotsa ŋku mlamlamla, ke womegakpɔ ame bubu aɖeke o, negbe Yesu ɖeka ko.
9Esi woɖi tso toa dzi gbɔna la, ede se na wo be womegagblɔ nu siwo wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime Amegbetɔ Vi la nafɔ tso ame kukuwo dome. 10Nya la tsi woawo ɖeɖe dome, eye wole wo nɔewo biam be: “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome gɔme ɖe?” 11#Mal 4.5; Mat 11.14. Wobia Yesu be: “Nu ka ta agbalẽfialawo gblɔna be ele be Eliya nava do ŋgɔ?” 12#Sir 48.10.Eɖo eŋu na wo be: “Nyateƒe, ele be Eliya nava do ŋgɔ, be wòaɖo nuwo woteƒewoteƒe. Nu ka ta woŋlɔ ɖi le Amegbetɔ Vi la ŋu be akpe fu geɖe, eye woado vloe? 13Mele egblɔm na mi be Eliya va xoxo, eye wowɔ nu si wolɔ̃ la ɖe eŋuti abe ale si woŋlɔe ɖi la ene.”
Yesu da gbe le ŋutsuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la ŋu
(Mat 17.14-21; Luk 9.37-43a)
14Esi wova ɖo nusrɔ̃la bubuawo gbɔ la, wokpɔ ameha gã aɖe ƒo xlã wo, eye agbalẽfialawo le nya hem kpli wo. 15Esi ameha la kpɔ Yesu la, woɖi vo ŋutɔ; tete woƒu du yi egbɔ hedo gbe nɛ. 16Yesu bia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nya ka hem miele kpli wo?” 17Ameha la dometɔ ɖeka ɖo eŋu nɛ be: “Nufiala, nyee kplɔ vinye ŋutsuvi va gbɔwòe, elabe gbɔgbɔ maƒonu le eme. 18Afi sia afi si wòlée le la, etsɔnɛ ƒua anyi, futukpɔ dona le enu, eye wòɖua aɖukli heliana. Mebia wò nusrɔ̃lawo be woanyàe ado goe, ke womete ŋui o.” 19Yesu gblɔ na wo be: “O dzidzime maxɔse! Ɖe manɔ mia gbɔ ɖaa? Va se ɖe ɣe ka ɣi mado dzi ahe mi aɖase ɖo? Mikplɔe va gbɔnyee.” 20Wokplɔ ŋutsuvia va Yesu gbɔ. Esi gbɔgbɔ la kpɔ Yesu la, enyama ɖevi la, wòdze anyi enumake hele mimlim, eye futukpɔ le dodom le enu. 21Yesu bia ŋutsuvia tɔ́a be: “Ɣe ka ɣi dɔlélea dze egɔme?” Eɖo eŋu be: “Tso keke eƒe ɖevime kee. 22Enuenu la, etsɔnɛ ƒua dzo me kple tsi me gɔ̃, be yeawui. Ke ne àte ŋu awɔ nane la, kpɔ míaƒe nublanui, ne nàkpe ɖe mía ŋu.” 23Yesu gblɔ be: “Ɖe nèbe ne nye, mate ŋuia? Nu sia nu le bɔbɔe na ame si xɔ se la.” 24Enumake ɖevia tɔ́a do ɣli be: “Mexɔ se, ke nye xɔse mesɔ gbɔ o, kpe ɖe ŋunye wòadzi ɖe edzi!” 25Esi Yesu kpɔ be ameha aɖe le du dzi gbɔna la, eblu ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta be: “Wò gbɔgbɔ tokunɔ aɖetututɔ, do go le ɖevia me, eye mègage ɖe eme azɔ gbeɖe o!” 26Gbɔgbɔ la nyama ɖevia hedo ɣli sesĩe eye wòdo go le eme. Ɖevia zu abe ame kuku ene, ale be ameawo dometɔ geɖewo gblɔ be: “Eku.” 27Ke Yesu lé eƒe alɔnu hekɔe dzi, eye wòtso ɖe tsitrenu. 28Emegbe esi Yesu yi aƒeme la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe biae dzaa be: “Ale ke wɔ míawo ya míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o?” 29Egblɔ na wo be: “Esia ƒomevi ya la, womate ŋu anyàe ado goe to mɔ bubu aɖeke dzi o, negbe to gbedodoɖa #9.29: Mawunyagbalẽ aɖewo tsɔ kple nutsitsidɔ kpe ɖe kpukpui sia ŋu. me ko.”
Yesu gaƒo nu le eƒe ku ŋuti
(Mat 17.22-23; Luk 9.43b-45)
30Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le afi ma yi ɖato Galilea. Ke Yesu medi be ame aɖeke nanya o, 31elabe enɔ nu fiam eƒe nusrɔ̃lawo be: “Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo, eye woawui, eye ne wowui la, agatsi tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe.” 32Ke womese nufiafia la gɔme o, gake wole vɔvɔ̃m be yewoabia egɔmee.
Ame kae nye ame vevitɔ?
(Mat 18.1-5; Luk 9.46-48)
33Wova Kapernaum, eye esi wòge ɖe aƒeme la, Yesu bia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nu ka ŋue mienɔ ɖi kem le, le mɔ dzi?” 34#Luk 22.24. Ke woawo zi kpi, elabe wonɔ nya ʋlim le wo nɔewo dome le mɔa dzi le ame si nye ame vevitɔ ŋuti. 35#Mat 20.26, 27; 23.11; Mar 10.43, 44; Luk 22.26. Yesu bɔbɔ nɔ anyi, yɔ ame wui eveawo, eye wògblɔ na wo be: “Ame si ke di be yeaxɔ nɔƒe gbãtɔ la, ele nɛ be wòanye amewo katã ƒe mlɔetɔ kple woƒe subɔla.” 36Ekplɔ ɖevi sue aɖe va wo dome, eye esi wòlée ɖe akɔ nu la, egblɔ na wo be: 37#Mat 10.40; Luk 10.16; Yoh 13.20. “Ame si axɔ ɖevi siawo dometɔ ɖeka le tanye la, nyee wòxɔ, eye ame si xɔm la, menye nyee wòxɔ o, ke boŋ exɔ ame si dɔm ɖo ɖa la.”
Ame si ke metsi tre ɖe mía ŋu o la, ele mía dzi
(Luk 9.49-50)
38Yohanes gblɔ na Yesu be: “Nufiala, míekpɔ ame aɖe si le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyàm do goe le wò ŋkɔ me, eye míegbe nɛ, elabe mele mía yome o.” 39Ke Yesu gblɔ be: “Migagbe nɛ o, elabe ame aɖeke meli, si awɔ ŋusẽdɔ le nye ŋkɔ me, eye le eya megbe kasia wòate ŋu agblɔ nya vɔ̃ ɖe ŋunye o. 40#Mat 12.30; Luk 11.23. Ame si ke metsi tre ɖe mía ŋu o la, mía dzi wòle. 41#Mat 10.42. Nyateƒe tom mele na mi be, ne ame aɖe ana tsi kplu ɖeka mi be miano, le esi Kristo ŋkɔ le mia ŋuti ta la, axɔ eŋuti teƒeɖoɖo godoo.”
Amehehe de nuvɔ̃ me
(Mat 18.6-9; Luk 17.1-2)
42 “Ame si ke akplɔ ɖevi sue, siwo xɔ dzinye se la dometɔ aɖe ade nuvɔ̃ me la, ne wotsɔ té gã aɖe tsi ɖe kɔ nɛ, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me la, enyo nɛ wu. 43#Mat 5.30. Ne wò asi hea wò dea nuvɔ̃ me la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàtsi asi ɖeka age ɖe agbe la me, wu be asi eve nanɔe na wò nàhayi dzo mavɔ me. [ 44Afi si nyé mekuna le o, eye dzo hã metsina o.]#9.44: Afi si nyé mekuna le o, eye dzo hã metsina o. Nya siawo sɔ kple kpukpui bla ene vɔ adelia kple bla ene vɔ enyilia me tɔwo pɛpɛpɛ. 45Ne wò afɔ kplɔa wò dea nuvɔ̃ me la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe agbe la me kple afɔ ɖeka, wu be afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me. [ 46Afi si nyé mekuna le o, eye dzo hã metsina o.] 47#Mat 5.29. Ne wò ŋku hea wò dea nuvɔ̃ me la, hoe le eto me. Enyo na wò be nàyi ɖe mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka, wu be ŋku eve nanɔ ŋuwò, gake woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me. 48#Yes 66.24. Afi si nyé mekuna le o, eye dzo hã metsina o. 49Elabe woatsɔ dzo akɔ ame sia ame ŋu, abe ale si wotsɔa dze kɔa vɔsa ŋui la ene. 50#Mat 5.13; Luk 14.34, 35. Dze la, nu nyui wònye. Ke ne nu si wɔe wònye dze la do le eme la, nane li miatsɔ adee wòaganye dzea? Mina dze naɖo mi, eye minɔ ŋutifafa me kple mia nɔewo.”

Currently Selected:

Marko 9: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in