1
Marko 9:23
EƲEGBE BIBLIA
Yesu gblɔ be: “Ɖe nèbe ne nye, mate ŋuia? Nu sia nu le bɔbɔe na ame si xɔ se la.”
Compare
Explore Marko 9:23
2
Marko 9:24
Enumake ɖevia tɔ́a do ɣli be: “Mexɔ se, ke nye xɔse mesɔ gbɔ o, kpe ɖe ŋunye wòadzi ɖe edzi!”
Explore Marko 9:24
3
Marko 9:28-29
Emegbe esi Yesu yi aƒeme la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe biae dzaa be: “Ale ke wɔ míawo ya míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o?” Egblɔ na wo be: “Esia ƒomevi ya la, womate ŋu anyàe ado goe to mɔ bubu aɖeke dzi o, negbe to gbedodoɖa me ko.”
Explore Marko 9:28-29
4
Marko 9:50
Dze la, nu nyui wònye. Ke ne nu si wɔe wònye dze la do le eme la, nane li miatsɔ adee wòaganye dzea? Mina dze naɖo mi, eye minɔ ŋutifafa me kple mia nɔewo.”
Explore Marko 9:50
5
Marko 9:37
“Ame si axɔ ɖevi siawo dometɔ ɖeka le tanye la, nyee wòxɔ, eye ame si xɔm la, menye nyee wòxɔ o, ke boŋ exɔ ame si dɔm ɖo ɖa la.”
Explore Marko 9:37
6
Marko 9:41
Nyateƒe tom mele na mi be, ne ame aɖe ana tsi kplu ɖeka mi be miano, le esi Kristo ŋkɔ le mia ŋuti ta la, axɔ eŋuti teƒeɖoɖo godoo.”
Explore Marko 9:41
7
Marko 9:42
“Ame si ke akplɔ ɖevi sue, siwo xɔ dzinye se la dometɔ aɖe ade nuvɔ̃ me la, ne wotsɔ té gã aɖe tsi ɖe kɔ nɛ, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me la, enyo nɛ wu.
Explore Marko 9:42
8
Marko 9:47
Ne wò ŋku hea wò dea nuvɔ̃ me la, hoe le eto me. Enyo na wò be nàyi ɖe mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka, wu be ŋku eve nanɔ ŋuwò, gake woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me.
Explore Marko 9:47
Home
Bible
Plans
Videos