YouVersion Logo
Search Icon

Marko 8

8
Yesu na nu ame akpe ene woɖu
(Mat 15.32-39)
1Esia megbe la, ameha gã aɖe gava ƒo ƒu. Esi naneke meli woaɖu o ta la, Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo be: 2“Ameha la ƒe nu wɔ nublanui nam, elabe ŋkeke etɔ̃ sɔŋ enye esi wole ŋunye, ke naneke mele wo si woaɖu o. 3Ne medo mɔ wo dɔmeɣi la, woagbɔdzɔ eye nu atso wo le mɔ ta; kpe ɖe esia ŋuti la, wo dometɔ aɖewo tso didiƒe.” 4Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be: “Afi ka míate ŋu akpɔ nuɖuɖu atsoe le gbedadaƒo afi sia ana ame siawo katã woaɖu aɖi ƒo?” 5Ebia wo be: “Abolo nenie le mia si?” Woɖo eŋu be: “Wo ame adrẽ.” 6Yesu na ameha la bɔbɔ nɔ anyi hena nuɖuɖu. Etsɔ abolo adrẽawo, da akpe na Mawu ɖe wo ta, eye wòka wo na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameha la. Nusrɔ̃laawo ma nuɖuɖua na ameha la. 7Kalãmi ʋɛ aɖe hã le wo si. Esi Yesu bia yayra ɖe edzi la, ena wotsɔ eya hã ɖo wo kɔme. 8Woɖu nu, ɖi ƒo. Esi woƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu la, wokpɔ kusi adrẽ. 9Ameawo ƒe xexlẽme anɔ akpe ene. 10Yesu do mɔ wo, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋu enumake va Dalmanuta-nutowo me.
Farisitɔwo bia nukunu
(Mat 16.1-4)
11 # Mat 12.38; Luk 11.16. Farisitɔwo va do, eye wode asi nyahehe me kplii. Wodoe kpɔ hele ebiam be wòana dzesi yewo tso dziƒo. 12#Mat 12.39; Luk 11.29. Yesu ɖe hũ le eɖokui me, gblɔ be: “Ale ke wɔ dzidzime sia le nukunu biam? Magblɔ na mi koŋ be womele nukunu aɖeke ɖe ge afia mi ame siawo o!” 13Tete wòdzo le wo gbɔ gaɖo tɔdziʋu la heyi ɖe go kemɛ dzi.
Farisitɔwo kple Herodes ƒe amɔwɔʋãnu la
(Mat 16.5-12)
14Nusrɔ̃laawo meɖo ŋku edzi, tsɔ abolo ɖe asi o; ɖeka koe tsi ʋua me na wo. 15#Luk 12.1. Yesu xlɔ̃ nu wo be: “Mikpɔ nyuie, milé be na mia ɖokui le Farisitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu kple Herodes ƒe amɔwɔʋãnu ŋuti.” 16Eƒe nusrɔ̃lawo dzro nya la me sẽe hegblɔ be: “Edze ƒãa be, esi míetsɔ abolo ɖe asi o tae wòle nya siawo gblɔm ɖo.” 17Yesu see, eye wòbia wo be: “Nu ka ta miaƒe abolomatsɔmatsɔ le fu ɖem na mi? Ɖe miese nu gɔme alo kpɔ nu dze sii kpɔ haɖe oa? Miaƒe susu me gado viviti koa? 18#Yer 5.21; Xez 12.2; Mar 4.12. Miekpɔa nu oa? Miesea nu oa? Mieɖoa ŋku nu dzi oa? 19Esi mema abolo atɔ̃ na ame akpe atɔ̃ la, kakɛ siwo susɔ la, kusi nenie miefɔ?” Woɖo eŋu be: “Wuieve.” 20“Abolo adrẽ, si mema na ame akpe ene ɖe, kusi neni mee miefɔ kakɛ kpɔtɔeawo ɖo?” Woɖo eŋu nɛ be: “Wo ame adrẽ.” 21Yesu bia wo be: “Eme mekɔ na mi kpɔ oa?”
Yesu ʋu ŋkuagbãtɔ aɖe ƒe ŋkuwo le Betsaida
22Wova Betsaida, eye ame aɖewo kplɔ ŋkuagbãtɔ aɖe va Yesu gbɔ heɖe kuku nɛ be wòaka asi eŋu. 23Yesu lé ŋkuagbãtɔ la ƒe alɔnu, eye wòkplɔe do goe le dua me. Enyɔ́ ta ɖe eƒe ŋku dzi, hetsɔ asi ɖo edzi, eye wòbiae be: “Èle nane kpɔma?” 24Ŋkuagbãtɔ la fɔ kɔ dzi, eye wòɖo eŋu nɛ be: “Mekpɔ amewo flufluflu, wole abe atiwo ene, hele zɔzɔm.” 25Tete Yesu gatsɔ eƒe asiwo ɖo ŋutsua ƒe ŋkuwo dzi. Ŋutsua klẽ ŋku sesĩe; ŋkuawo ɖɔ ɖo, eye wòkpɔ nu sia nu nyuie azɔ. 26Yesu ɖoe ɖe aƒe kple nya siawo be: “Mègage ɖe dua me gɔ̃ hã o.”
Petro ʋu nya me le Yesu ŋu
(Mat 16.13-20; Luk 9.18-21)
27Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ yi kɔƒe, siwo ƒo xlã Kaisarea Filipi du la me. Le mɔ ta la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame ka amewo gblɔna be menye?” 28#Mar 6.14, 15; Luk 9.7, 8. Woɖo eŋu nɛ be: “Ame aɖewo be wòe nye Yohanes mawutsilenamela; bubuwo be Eliyae nènye, eye ame bubu aɖewo hã be, Mawu ƒe gbeƒãɖelawo dometɔ ɖekae nènye.” 29#Yoh 6.68, 69. Yesu bia wo be: “Ke miawo ya ɖe, ame kae menye le mia gbɔ?” Petro ɖo eŋu nɛ be: “Wòe nye Kristo la.” 30Yesu de se na wo be womegaƒo nu le nya sia ŋuti na ame aɖeke o.
Yesu ƒo nu le eƒe fukpekpe kple ku ŋuti
(Mat 16.21-28; Luk 9.22-27)
31Azɔ Yesu de asi nufiafia wo me be: “Ele na Amegbetɔ Vi la be wòakpe fu geɖe, eye amegãwo, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ado vloe, eye woawui, gake agafɔ ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe.” 32Yesu gblɔ nya sia na wo le ame dome. Ke Petro ɖe kpɔe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ. 33Yesu trɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo dzi ɖa heka mo na Petro gblɔ be: “Dze nam mayi, Abosam. Elabe nu siwo le vevie na wò la, womedze Mawu tɔ dzi o, ke boŋ amegbetɔ tɔ wonye.”
34 # Mat 10.38; Luk 14.27. Eyɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Ne ame aɖe di be yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, netsɔ eƒe atitsoga, eye wòanɔ yonyeme. 35#Mat 10.39; Luk 17.33; Yoh 12.25. Elabe ame si ke di be yeaɖe yeƒe agbe la, abui, ke ame si ke abu eƒe agbe ɖe nye kple Nyanyui la ta la, woaxɔe ɖe agbe. 36Elabe viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, gake wòabu eƒe agbe? 37Alo ɖe nane li, si amegbetɔ ate ŋu atsɔ aɖɔli eƒe agbea? 38Ame si ke nye kple nye nyawo kpe ŋu na, le dzidzime sia, siwo mexɔ se o, eye wonye nuvɔ̃wɔlawo la ŋkume la, ame ma akpe ŋu na Amegbetɔ Vi la hã, ne eva ɖo le Tɔ́a ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.”

Currently Selected:

Marko 8: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in