Mose II 6
6
1Gake Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Azɔ àkpɔ nu si mele Egipte Fiagã la wɔ ge. Elabe alɔ sesẽe wòatsɔ nyà wo do goe, ẽ atsɔ alɔ sesẽ anyà wo ɖa le eƒe anyigba dzii.”
Mawu yɔ Mose
2 #
Mos I, 17.1; 28.3; 35.11; Mos II, 3.13-15. Mawu gblɔ na Mose be: “Nyee nye Aƒetɔ. 3Nyee ɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ ene. Gake nyemena wonya be ŋkɔnyee nye Aƒetɔ o. 4Mebla nu kpli wo hã be matsɔ Kanaan-nyigba, anyigba si dzi wonɔ abe amedzrowo ene la ana wo wòazu wo tɔ. 5Gawu la, mese konyi si fam Israelviwo, ame siwo Egiptetɔwo te ɖe anyi la, eye meɖo ŋku nu, si mebla kpli wo la dzi. 6Eya ta gblɔ na Israel-dukɔ be: ‘Nyee nye Aƒetɔ. Maɖe mi le Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te. Maɖe mi le woƒe kluvinyenye me, eye maɖe mi tso wo si me ale be miaganye kluviwo na wo o. Mamlo nye abɔ me atsɔ nye ŋusẽ triakɔ la atu nu kpli wo. 7Mawɔ mi mianye nye ŋutɔ nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu. Mianyae be nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu, si ɖe mi le Egiptetɔwo ƒe agba kpekpe la te. 8Makplɔ mi ayi anyigba si meka atam be matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi, eye matsɔe ana mi wòanye miawo ŋutɔ tɔ. Nyee nye Aƒetɔ.’ ” 9Mose gblɔ nya siawo na Israelviwo; ke womeɖo to se eƒe nyaawo o, le ale si gbegbe woƒe dzi gbã kple fu si gbegbe kpem wole le woƒe kluvinyenye la me la ta.
10Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 11“Yi ɖagblɔ na Egipte Fiagã la, be neɖe asi le Israelviwo ŋu ne woadzo le eƒe anyigba dzi.”
12Ke Mose gblɔ na Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, esi Israelviwo gɔ̃ hã meɖo tom o ɖe, ale ke wɔ Egipte Fiagã ya boŋ laɖo to nye, ame si nu menyaƒona na kura o la?”
13Tete Aƒetɔ ƒo nu na Mose kple Aron, eye wòdɔ wo ɖe Israel-dukɔ la kple Egipte Fiagã la gbɔ be woakplɔ Israelviwo dzoe le Egipte-nyigba dzi.
Mose kple Aron ƒe ƒomegbalẽ
14Wo tɔgbuiwo ƒe aƒekɔtatɔwoe nye esiawo: Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbeviŋutsu viŋutsuwoe nye: Henox, Palu, Xezron kple Karmi. Woawo mee Ruben-to la dzɔ tso. 15Simeon viŋutsuwoe nye: Yemuel, Yamin, Ohad, Yaxin, Zoxar kple Saul, ame si nye Kanaan-nyɔnu ƒe vi. Woawo mee Simeon-to la dzɔ tso. 16#Mos IV, 3.17-20; 26.57, 58; Kron I, 6.16-19. Levi viŋutsuwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gerson, Kahat kple Merari. Levi nɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla etɔ̃ vɔ adrẽ. 17Gerson viŋutsuwoe nye Libni kple Simei. Dzidzimeviwo nɔ ɖe sia ɖe si. 18Kahat viŋutsuwoe nye: Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel. Kahat nɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla etɔ̃ vɔ etɔ̃. 19Merari viŋtsuwoe nye Maxeli kple Masi. Ame siawo mee Levi ƒome la dzɔ tso.
20Amram ɖe tɔ́a nɔvinyɔnu Yoxebed, eye wòdzi Aron kple Mose nɛ. Amram nɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla etɔ̃ vɔ adrẽ. 21Yizhar viŋtsuwoe nye: Korax, Nefeg kple Sixri. 22Uziel viŋutsuwoe nye: Misael, Elzafan kple Sitri.
23Aron ɖe Eliseba, Aminadab vinyɔnu, si nye Naxason nɔvinyɔnu eye wòdzi Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar nɛ. 24Korax viŋutsuwoe nye: Asir, Elkana kple Abiasaf. Woawoe nye Korax ƒome la ƒe tɔgbuitɔgbuiwo. 25Eleazar, Aron vi ɖe Putiel vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, ame si dzi Pinehas nɛ. Ame siawo nye Levi-to la ƒe tɔgbuitɔgbuiwo kple woƒe ƒomeawo.
26Aron kple Mosee Aƒetɔ gblɔ na be: “Mikplɔ Israelviwo ƒe toawo dzoe le Egipte-nyigba dzi.” 27Woawoe yi ɖagblɔ na Egipte Fiagã, Egipte-fia la be neɖe mɔ ne Israelviwo nadzo le eƒe anyigba dzi. Mose sia kple Aron sia ye.
Aƒetɔ ƒe gbedeasi na Mose kple Aron
28Esi Aƒetɔ ƒo nu kple Mose le Egipte-nyigba dzi la, 29egblɔ nɛ be: “Nyee nye Aƒetɔ. Yi ɖagblɔ nya siwo katã megblɔ na wò la na Egipte Fiagã, Egipte-fia la.”
30Ke Mose gblɔ na Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, wò ŋutɔ ènya be nu menyaƒona nam o. Ale ke wɔ Egipte Fiagã la aɖo tomee?”
Currently Selected:
Mose II 6: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.