Mose II 7
7
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene ɖe Egipte Fiagã dzi, eye mana nɔviwò Aron nanye wò gbeƒãɖela. 2Gblɔ gbe siwo katã mede asiwò la na Aron, eye eya negblɔ na Egipte Fiagã be nena mɔ Israelviwo be woadzo le eƒe anyigba dzi. 3#Dɔw 7.36.Ke mana Egipte Fiagã ƒe dzime nasẽ eye mawɔ dzesi kple nukunu geɖe le Egipte-nyigba dzi, 4ke Fiagã la maɖo to mi o. Maɖo asi Egipte dzi akplɔ nye aʋakɔ, nye dukɔ Israelviwo, ado goe tso Egipte-nyigba dzi to nu gã siwo mawɔ atsɔ ahe toe na wo la me. 5Ne meho kple ŋusẽ ɖe Egipte ŋu, eye mekplɔ Israelviwo dzoe la, ekema Egiptetɔwo adze sii be nyee nye Aƒetɔ.” 6Mose kple Aron wɔ nu si Aƒetɔ gblɔ na wo be woawɔ la dzi pɛpɛpɛ. 7Ɣesiɣi woƒo nu kple Egipte Fiagã la la, Mose xɔ ƒe bla enyi, eye Aron xɔ ƒe bla enyi vɔ etɔ̃.
Aron ƒe atizɔti la
8Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be: 9“Ne Egipte Fiagã la gblɔ na mi be: ‘Miwɔ nukunu aɖe míakpɔ’ la, ekema nàgblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atizɔti da ɖe anyigba le Egipte Fiagã la ŋkume ne wòazu da.’ ” 10Ale Mose kple Aron woyi Egipte Fiagã la gbɔ, eye wowɔ nu si Aƒetɔ gblɔ na wo be woawɔ la: Aron ɖe asi le eƒe atizɔti la ŋu da ɖe anyigba le Fiagã la kple eŋumewo ŋkume, eye wòtrɔ zu da. 11Tete fiagã la yɔ Egiptetɔwo ƒe nunyalawo kple dzosalawo vɛ, eye wotsɔ woƒe vivimeŋusẽwo wɔ nukunu ma tututu: 12wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔ eƒe atizɔti da ɖe anyigba eye wotrɔ zu da, ke Aron ƒe atizɔti la lé wo tɔwo mi. 13Gake Egipte Fiagã la ƒe dzime gasẽ ko, eye abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ene la, egbe be yemaɖo to wo o.
Fukpekpewo va Egipte dzi
Fukpekpe gbãtɔ: Tsi trɔ zu ʋu
14 #
Nya 11.6-8. Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Egipte Fiagã la ƒe dzime sẽ ŋutɔ; egbe be yemaɖe asi le dukɔa ŋu woadzo o. 15Eya ta etsɔ ŋdi kanya la, yi nàɖado goe le Nil-tɔsisi la to. Ne èyina la, tsɔ wò atizɔti si trɔ zu da la ɖe asi. 16Gblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ, Hebritɔwo ƒe Mawu la dɔm ɖe gbɔwò be magblɔ na wò be: Ɖe asi le nye dukɔ ŋu ne woayi aɖasubɔm le gbedadaƒo. Gake ègbe va se ɖe fifi. 17#Nyaɖ 16.4. Esia nàtsɔ anyae be nyee nye Aƒetɔ nye esi: Kpɔ ɖa, mele atizɔti si le asinye la tsɔ ge aƒo Nil-tɔsisi la dzi, eye tsia atrɔ zu ʋu. 18Lã siwo le eme la aku, eye tɔsisia anɔ ʋeʋẽm ale gbegbe be Egiptetɔwo mate ŋu ano emetsi o.’ ” 19Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atizɔti eye nàdoe ɖe Egipte-nyigba dzi tsiwo, tɔsisiwo, tɔʋuwo, táwo kple tsiteƒewo katã dzi bene woatrɔ zu ʋu, eye ʋu nanɔ Egipte-nyigba blibo la katã dzi; atigowo kple kpezewo gɔ̃ hã ʋu anɔ wo me.’ ”
20Mose kple Aron wɔ nu si Aƒetɔ gblɔ na wo la. Ekɔ atizɔti la dzi le Egipte Fiagã kple eŋumewo ŋkume, eye wòƒo tsia dzi. Tete Nil-tɔsisi me tsi la katã trɔ zu ʋu. 21Lã siwo le eme la katã ku. Tɔa de asi ʋeʋẽ me ale gbegbe be Egiptetɔwo megate ŋu no emetsi o. Ʋu xɔ afi sia afi le Egipte-nyigba dzi. 22Ke Egiptetɔwo ƒe nukunuwɔlawo hã to woƒe ayemɔwo dzi wɔ nukunu siawo ke. Ale abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ɖi ene la, Egipte Fiagã la ƒe dzime gasẽ ko, eye wògbe be yemaɖo to Mose kple Aron ƒe gbe o. 23Fiagã la trɔ dzo yi aƒeme, eye esia meʋã dzi nɛ vie gɔ̃ hã o. 24Egiptetɔwo ku do ɖe Nil-tɔsisi la to be tsi nadzi ɖe wo me yewoano elabe Nil-tɔsisi me tsi la meganyo ne woano o.
25Aƒetɔ gblẽ Nil me tsi la ŋkeke adrẽ sɔŋ.
Currently Selected:
Mose II 7: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.